1 Fiawo 22:1-53

  • Yehosafat wɔ ɖeka kple Ahab (1-12)

  • Mikaya ƒe nyagblɔɖi ku ɖe aʋatsitsi ŋu (13-28)

    • Beblegbɔgbɔ aɖe flu Ahab (21, 22)

  • Wowu Ahab le Ramot-Gilead (29-40)

  • Yehosafat ɖu Yuda dzi (41-50)

  • Israel-fia Ahaziya (51-53)

22  Aʋa meganɔ Siria kple Israel dome o ƒe etɔ̃ sɔŋ.  Le ƒe etɔ̃lia me la, Yuda-fia Yehosafat+ yi Israel-fia gbɔ.+  Israel-fia gblɔ na eŋumewo be: “Mienya be mía tɔe Ramot-Gilead+ nyea? Evɔ míele hehem ɖe megbe le exɔxɔ le Siria-fia si ŋu.”  Eye wòbia Yehosafat be: “Àho aʋa kplim ɖe Ramot-Gilead ŋua?” Yehosafat ɖo eŋu na Israel-fia la be: “Nye kpli wò la, ame ɖekae míenye. Nye dukɔ la, wò dukɔe. Nye sɔwo la, wò sɔwoe.”+  Gake Yehosafat gblɔ na Israel-fia be: “Meɖe kuku, bia gbe+ Yehowa gbã.”+  Eya ta Israel-fia la ƒo nyagblɔɖilawo nu ƒu, woanɔ ame alafa ene, eye wòbia wo be: “Maho aʋa ɖe Ramot-Gilead ŋu loo alo matasia?” Eye woɖo eŋu nɛ be: “Ho yi, eye Yehowa atsɔe ade asi na fia la.”  Ke Yehosafat gblɔ be: “Ðe Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke megale afi sia oa? Mina míabia gbe eya hã kpɔ.”+  Eye Israel-fia ɖo eŋu na Yehosafat be: “Ame ɖeka gali si gbɔ míabia gbe Yehowa le;+ ke melé fui,+ elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye o, negbe nya vɔ̃wo ko,+ eyae nye Mikaya, Yimla vi.” Ke Yehosafat gblɔ be: “Fia megagblɔ nya ma o.”  Eya ta Israel-fia la yɔ fiaŋume ɖeka gblɔ be: “Yi ɖakplɔ Mikaya, Yimla vi, vɛ fifi laa.”+ 10  Ke Israel-fia kple Yuda-fia Yehosafat le woƒe fiawuwo me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le nukuƒoƒe le Samaria dua ƒe agbo nu, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le wo ŋkume.+ 11  Eye Zedekiya, Kenaana vi la, tsɔ ga wɔ lãdzowo, eye wògblɔ be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esiawoe nàtsɔ atu* Siriatɔwo va se ɖe esime nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ.’” 12  Eye nyagblɔɖila bubuawo katã hã nɔ nya ɖeka ma ke gblɔm ɖi be: “Ho yi Ramot-Gilead, eye adze edzi na wò; Yehowa atsɔe ade asi na fia la.” 13  Ame dɔdɔ si yi Mikaya yɔ ge la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Nyagblɔɖilawo katã ƒe nu sɔ, eye wogblɔ nya nyui na fia la. Meɖe kuku, na wò hã wò nya nanɔ abe wo tɔ ene, eye nàƒo nu nyuie.”+ 14  Ke Mikaya gblɔ be: “Zi ale si Yehowa le agbe la, nya si Yehowa agblɔ nam lae magblɔ.” 15  Esi wòva fiaa gbɔ la, fia la biae be: “Mikaya, mího aʋa ɖe Ramot-Gilead ŋu loo alo mítasia?” Eɖo eŋu enumake be: “Ho yi, eye àɖu dzi; Yehowa atsɔe ade asi na fia la.” 16  Eye fia la biae be: “Zi neni gɔ̃ mana nàka atam be nàgblɔ nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ me?” 17  Eya ta egblɔ be: “Mekpɔ Israel-viwo katã kaka ɖe towo dzi,+ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o ene. Yehowa gblɔ be: ‘Aƒetɔ aɖeke mele wo nu o. Wo dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi aƒe me le ŋutifafa me.’” 18  Eye Israel-fia la gblɔ na Yehosafat be: “Nyemegblɔe na wò be, ‘Magblɔ nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye o, negbe nya vɔ̃wo ko’ oa?”+ 19  Mikaya gagblɔ be: “Eya ta se Yehowa ƒe nya: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi,+ eye dziƒoʋakɔ blibo la katã tɔ ɖe egbɔ, le eƒe ɖusime kple eƒe miame.+ 20  Eye Yehowa bia be, ‘Ame kae aflu Ahab, ne wòaho ayi aɖatsi aʋa le Ramot-Gilead?’ Ame si gblɔ be ale, eye ame kemɛ be ale. 21  Mlɔeba gbɔgbɔ*+ aɖe te va hetɔ ɖe Yehowa ŋkume gblɔ be, ‘Maflui.’ Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔe?’ 22  Eɖo eŋu be, ‘Mayi aɖazu beblegbɔgbɔ le eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me.’+ Eye wògblɔ be, ‘Àte ŋu aflui, eye àkpɔ dzidzedze hã. Heyi ɖawɔe nenema.’ 23  Eye Yehowa tsɔ beblegbɔgbɔ de wò nyagblɔɖila siawo katã ƒe nu me,+ evɔ wònye Yehowa ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò.”+ 24  Eye Zedekiya, Kenaana vi, te va ƒo tome na Mikaya gblɔ be: “Mɔ kae Yehowa ƒe gbɔgbɔ la to dzo le gbɔnye hafi va ƒo nu kpli wò ya?”+ 25  Mikaya ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa! Gbe si gbe nàge ɖe xɔ ememetɔ me be yeabe la, àkpɔ mɔa.” 26  Eye Israel-fia la ɖe gbe be: “Milé Mikaya yi ɖade dununɔla Amon kple fiavi Yoas si. 27  Eye migblɔ na wo be, ‘Ale fia la gblɔe nye esi: “Mitsɔ ame sia de gaxɔ me,+ eye mina abolo vi aɖe kple tsi vi aɖe koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me.”’” 28  Ke Mikaya ɖo eŋu be: “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu kplim o.”+ Eye wògblɔ kpee be: “Mi dukɔwo katã, mide dzesii!” 29  Ke Israel-fia kple Yuda-fia Yehosafat ho yi Ramot-Gilead.+ 30  Eye Israel-fia gblɔ na Yehosafat be: “Matrɔ nye dzedzeme ahayi aʋa la nu, ke wò la, nɔ wò fiawu me.” Ale Israel-fia la trɔ eƒe dzedzeme+ heyi aʋa la nu. 31  Ke Siria-fia de se na eƒe tasiaɖam-megã blaetɔ̃ vɔ eveawo+ be: “Migawɔ aʋa kple ame tsɛ alo ame ŋkuta aɖeke o, negbe Israel-fia la ko.” 32  Esi tasiaɖam-megãwo kpɔ Yehosafat ko la, wogblɔ be: “Eyae nye Israel-fia la!” Eya ta wotrɔ ɖe eŋu be yewoawɔ aʋa kplii; eye Yehosafat de asi ɣlidodo me be woaxɔ na ye. 33  Esi tasiaɖam-megãwo kpɔ be menye Israel-fia lae o ko la, wogbugbɔ le eyome enumake. 34  Ke ŋutsu aɖe vu eƒe da me hedae ɖe yame ko, eye aŋutrɔa va te Israel-fia le eƒe gawua kpeƒe. Eya ta fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamdola la be: “Trɔ, nàkplɔm dzoe le aʋagbea dzi,* elabena mexɔ abi vevie.”+ 35  Wowɔ aʋa la ŋkeke bliboa katã, eye wolé fia la ɖe tsitrenu le eƒe tasiaɖam la me wòdze ŋgɔ Siriatɔwo. Eƒe abia ɖuɖu ʋu ɖe aʋatasiaɖam la me, eye wòku le fiẽ me.+ 36  Le ɣeɖoto lɔƒo la, ɣli ɖi sesĩe le asaɖa la me be: “Ame sia ame neyi eƒe du me! Ame sia ame neyi eƒe anyigba dzi!”+ 37  Fia la ku eye wokɔe va Samaria; woɖi fia la ɖe Samaria. 38  Esi wova klɔ aʋatasiaɖam la le Samaria-ta to la, avuwo va ɖuɖɔ eƒe ʋu, eye gbolowo va le tsi le afi ma* le Yehowa ƒe nya si wògblɔ la nu.+ 39  Ke Ahab ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ, nyiɖuxɔ*+ si wòtu kple du siwo katã wòtso la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 40  Eye wotsɔ Ahab mlɔ tɔgbuiawo gbɔ;+ eye via Ahaziya+ zu fia ɖe eteƒe. 41  Ke Yehosafat,+ Asa vi, zu fia ɖe Yuda dzi le Israel-fia Ahab ƒe ƒe enelia me. 42  Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaeve vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi vinyɔnu. 43  Eto fofoa Asa+ ƒe ʋe me. Mete ɖe aga o, ke boŋ ewɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume.+ Gake womeɖe nuxeƒewo ɖa o, eye dukɔ la gasaa vɔ hedoa dzudzɔ le nuxeƒewo kokoko.+ 44  Ŋutifafa nɔ Yehosafat kple Israel-fia dome.+ 45  Ke Yehosafat ŋutinya susɔeawo, eƒe kalẽwɔwɔwo kple ale si wòwɔ aʋae la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 46  Eɖe ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna le gbedoxɔ me,+ siwo susɔ le fofoa Asa ŋɔli la hã ɖa le anyigba la dzi.+ 47  Ke fia aɖeke menɔ Edom o;+ fiateƒenɔlae nɔ dzi ɖum le afi ma.+ 48  Yehosafat dɔ Tarsis tɔdziʋuwo* be woayi aɖatsɔ sika+ tso Ofir vɛ, ke womete ŋu de o, elabena tɔdziʋuawo gbã le Ezion-Geber.+ 49  Ɣemaɣie Ahaziya, Ahab vi, gblɔ na Yehosafat be: “Na nye dɔlawo nanɔ tɔdziʋuawo me ayi kple wò dɔlawo,” gake Yehosafat melɔ̃ o. 50  Eyome wotsɔ Yehosafat mlɔ tɔgbuiawo gbɔ,+ woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le tɔgbuia David Ƒe Du la me; eye via Yehoram+ zu fia ɖe eteƒe. 51  Ahaziya,+ Ahab vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria le Yuda-fia Yehosafat ƒe ƒe wuiadrelia me, eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. 52  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eye wòto fofoa+ kple dadaa+ kpakple Yeroboam, Nebat vi, si he Israel de nu vɔ̃ me la, ƒe ʋe me.+ 53  Esubɔ Baal+ hede ta agu nɛ, eye wòdo dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la,+ abe ale si tututu fofoa wɔ ene.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “atutu.”
Alo, “mawudɔla.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le asaɖaa me.”
Agate ŋu afia, “avuwo va ɖuɖɔ eƒe ʋu le afi si gbolowo lea tsi le la.”
Alo, “nyiɖufiasã.”