1 Kronika 13:1-14

  • Wokɔ Nubablaɖaka la tso Kiriat-Yearim (1-14)

13  Azɔ David de adaŋu kple ame akpe ƒe tatɔwo kple ame alafa ƒe tatɔwo kpakple kplɔlawo katã.+  Eye David gblɔ na Israel ƒe ha blibo la be: “Ne enyo mia ŋu, eye wòdze Yehowa mía Mawu la ŋu la, ekema mina míadɔ ame ɖo ɖe mía nɔvi siwo susɔ ɖe Israel nutowo katã me la gbɔ hekpe ɖe nunɔlawo kple Lewi vi siwo le woƒe du+ siwo ŋuti lãnyiƒewo le me la gbɔ, ne woava wɔ ɖeka kpli mí.  Eye mina míayi aɖakɔ mía Mawu ƒe Aɖaka+ la gbɔe.” Elabena womelé be nɛ le Saul ŋɔli o.+  Ha blibo la lɔ̃ be yewoawɔe nenema, elabena nya la dze dukɔ blibo la ŋu.  Eya ta David ƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Egipte-tɔsisi* la nu va se ɖe keke Lebo-Hamat*+ ke, be woayi aɖakɔ Mawu vavã ƒe aɖaka la tso Kiriat-Yearim+ vɛ.  Eye David kple Israel blibo la ho yi Baala,+ le Kiriat-Yearim, si nye Yuda du, be woakɔ Mawu vavã, Yehowa, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo+ tame* la, ƒe Aɖaka, afi si woyɔa eŋkɔ le la, tso afi ma vɛ.  Ke wokɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ɖo tasiaɖam+ yeye dzi tso Abinadab ƒe me, eye Uza kple Ahiyo le tasiaɖam+ la kplɔm.  David kple Israel ƒe aƒe blibo la le ha dzim, le saŋku, kasaŋku, axatsɛ+ kple gakogoe+ ƒom hele kpẽ+ kum le aseye tsom le Mawu vavã la ŋkume kple woƒe ŋusẽ katã.  Gake esi wova ɖo Kidon ƒe nukuƒoƒe la, Uza do asi ɖa lé Aɖaka la, elabena nyiawo na aɖaka la ge kloe. 10  Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Uza ŋu, eye wòƒoe ƒu anyi, le esi wòdo asi ɖa lé Aɖaka+ la ta, eye wòku ɖe afi ma le Mawu ŋkume.+ 11  Gake David do dziku le esi Yehowa ƒe dziku fla ɖe Uza ŋu ta, eye wova yɔ teƒe ma be Perez-Uza* va se ɖe egbe sia. 12  Eye David vɔ̃ Mawu vavã la gbe ma gbe hegblɔ be: “Aleke makɔ Mawu vavã ƒe Aɖaka la ava gbɔnyee?”+ 13  Eya ta David mekɔ Aɖaka la va afi si wòle le David Ƒe Du la me o, ke boŋ ena wòkɔe yi Gititɔ Obed-Edom ƒe me. 14  Eye Mawu vavã ƒe Aɖaka la nɔ Obed-Edom ƒe aƒe me ɣleti etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom ƒemetɔwo kple eƒe nuwo katã.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “tso Sihor.”
Alo, “Hamat ƒe dodonu.”
Agate ŋu afia, “dome.”
Egɔmee nye, “Wodze Uza Dzi.”