1 Kronika 2:1-55

  • Israel viŋutsu wuieveawo (1, 2)

  • Yuda ƒe dzidzimeviwo (3-55)

2  Israel+ viŋutsuwoe nye esi: Ruben,+ Simeon,+ Lewi,+ Yuda,+ Isakar,+ Zebulon,+  Dan,+ Yosef,+ Benyamin,+ Naftali,+ Gad+ kple Aser.+  Yuda viŋutsuwoe nye Er, Onan kple Sela. Wo ame etɔ̃ siawoe Sua vinyɔnu si nye Kanaan nyɔnu+ la, dzi nɛ. Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Er wɔ nu si vɔ̃ɖi le Yehowa ŋkume, ale be wòwui.+  Yuda toyɔvia Tamar+ dzi Perez+ kple Zera nɛ. Yuda viŋutsuwo katã le atɔ̃.  Perez viwoe nye Hezron kple Hamul.+  Zera viwoe nye Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara. Wo katã wole ame atɔ̃.  Karmi vie* nye Akar,* ame si he vɔ̃* va Israel+ dzi esi meɖi anukware le nu si wòle be woatsrɔ̃ gbidii la me o.+  Etan vie* nye Azariya.  Hezron vi siwo wodzi nɛ la woe nye: Yeramel,+ Ram+ kple Kelubai.* 10  Ram dzi Aminadab.+ Aminadab hã dzi Nahason,+ si nye Yuda viwo ƒe tatɔ. 11  Nahason dzi Salma.+ Salma dzi Boaz.+ 12  Boaz dzi Obed. Obed dzi Isai.+ 13  Isai dzi Eliab, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi, eveliae nye Abinadab,+ etɔ̃liae nye Simea,+ 14  eneliae nye Netanel, atɔ̃liae nye Radai, 15  adeliae nye Ozem, adreliae nye David.+ 16  Wo nɔvinyɔnuwoe nye Zeruya kple Abigail.+ Eye Zeruya viwoe nye Abisai,+ Yoab+ kple Asahel:+ wole ame etɔ̃. 17  Abigail dzi Amasa, eye Amasa+ fofoe nye Ismaeltɔ Yeter. 18  Kaleb,* Hezron vi, srɔ̃ Azuba kple Yeriot dzi viwo nɛ; viawoe* nye: Yeser, Sobab kple Ardon. 19  Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat,+ eye wòdzi Hur+ nɛ. 20  Hur dzi Uri. Eye Uri dzi Bezalel.+ 21  Emegbe Hezron dɔ kple Gilead+ fofo Makir+ vinyɔnu. Eye wòɖee esime wòxɔ ƒe blaade, eya dzi Segub nɛ. 22  Segub dzi Yair,+ ame si si du blaeve vɔ etɔ̃ nɔ le Gilead-nyigba+ dzi. 23  Emegbe Gesur+ kple Siria+ xɔ Havot-Yair+ le wo si, hekpe ɖe Kenat+ kple eŋu duwo ŋu, wole du blaade. Ame siawo katã nye Gilead fofo Makir ƒe dzidzimeviwo. 24  Ke esi Hezron+ ku le Kaleb-Efrata megbe la, Hezron srɔ̃ Abiya dzi Askur+ nɛ, eyae va zu Tekoa+ fofo.* 25  Yeramel, Hezron ƒe ŋgɔgbevi la ƒe viwoe nye: Ram, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eyome Buna, Oren, Ozem kple Ahiya. 26  Srɔ̃ bubu ganɔ Yeramel si, si ŋkɔe nye Atara. Eyae nye Onam dada. 27  Ram, Yeramel ƒe ŋgɔgbevi la ƒe viwoe nye Maaz, Yamin kple Eker. 28  Onam viwoe nye Samai kple Yada. Eye Samai viwoe nye Nadab kple Abisur. 29  Abisur srɔ̃ ŋkɔe nye Abihayil; eyae dzi Ahban kple Molid nɛ. 30  Nadab viwoe nye Seled kple Apayim. Ke Seled medzi vi aɖeke hafi ku o. 31  Apayim vie* nye Yisi. Yisi vie* nye Sesan, Sesan vie* nye Ahlai. 32  Yada, Samai nɔviŋutsu, ƒe viwoe nye Yeter kple Yonatan. Ke Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o. 33  Yonatan viwoe nye Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yeramel ƒe dzidzimeviwo. 34  Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o, negbe vinyɔnuwo ko. Ke subɔvi aɖe nɔ Sesan si, si nye Egiptetɔ, eŋkɔe nye Yarha. 35  Sesan tsɔ vianyɔnu na eƒe subɔvi Yarha wòɖe, eye wòdzi Atai nɛ. 36  Atai dzi Natan. Natan dzi Zabad. 37  Zabad dzi Eflal. Eflal dzi Obed. 38  Obed dzi Yehu. Yehu dzi Azariya. 39  Azariya dzi Helez. Helez dzi Eleasa. 40  Eleasa dzi Sismai. Sismai dzi Salum. 41  Salum dzi Yekamiya. Yekamiya dzi Elisama. 42  Kaleb,*+ Yeramel nɔviŋutsu, ƒe viwoe nye Mesa, si nye eƒe ŋgɔgbevi, ame si nye Zif fofo, kple Hebron fofo Maresa viwo. 43  Hebron viwoe nye Kora, Tapua, Rekem kple Sema. 44  Sema dzi Raham, si nye Yorkeam fofo. Eye Rekem dzi Samai. 45  Samai vie nye Maon; eye Maon nye Bet-Zur+ fofo. 46  Kaleb ƒe ahiã Efa dzi Haran, Moza kple Gazez. Haran dzi Gazez. 47  Yahdai viwoe nye Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf. 48  Kaleb ƒe ahiã Maaka dzi Seber kple Tirhana. 49  Emegbe edzi Saaf si nye Madmana+ fofo kple Seva, si nye Makbena kple Gibea+ fofo. Eye Kaleb+ vinyɔnue nye Aksa.+ 50  Ame siawoe nye Kaleb ƒe dzidzimeviwo. Efrata+ ƒe ŋgɔgbevi Hur+ viwoe nye: Sobal, si nye Kiriat-Yearim+ fofo, 51  Salma, si nye Betlehem+ fofo, kple Haref, si nye Bet-Gader fofo. 52  Sobal, si nye Kiriat-Yearim fofo, ƒe viwoe nye Haroe kple Menuhottɔwo ƒe afã. 53  Kiriat-Yearim ƒe ƒomewoe nye Yitritɔwo,+ Putitɔwo, Sumattɔwo kple Misraitɔwo. Ame siawo mee Zoratɔwo+ kple Estaoltɔwo+ dzɔ tso. 54  Salma viwoe nye Betlehem+ kple Netofatɔwo, Atrot-Bet-Yoab, Manahattɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo. 55  Nugbugbɔŋlɔlawo ƒe ƒome siwo le Yabez woe nye: Tirattɔwo, Simeattɔwo kple Sukattɔwo. Ame siawoe nye Kenitɔ+ siwo dzɔ tso Hamat, si nye Rekab+ ƒe aƒekɔ fofo la me.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “xaxa.”
Egɔmee nye, “Ame Si He Vɔ̃ Vɛ; Ame Si He Xaxa Vɛ.” Woyɔe le Yos 7:1 be Akan.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Woyɔe be Kaleb le kpukpui 18, 19, 42.
Woyɔe be Kelubai le kpukpui 9.
Anye nyɔnuawo dometɔ ɖekae wowɔnɛ.
Ŋkɔ siwo woyɔ le ta sia me la dometɔ aɖewo ate ŋu afia duwo ke menye amewo o. Le teƒe siawo la, “fofo” ate ŋu afia “dua tsola.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Woyɔe be Kelubai le kpukpui 9 lia me.