1 Kronika 21:1-30

  • David xlẽ dukɔ la madzemadzee (1-6)

  • Tohehe tso Yehowa gbɔ (7-17)

  • David ɖi vɔsamlekpui (18-30)

21  Eye Satana* tsi tre ɖe Israel ŋu heƒoe ɖe David nu be wòaxlẽ Israel-viwo.+  Eya ta David gblɔ na Yoab+ kple dukɔ la ƒe tatɔwo be: “Miyi ɖaxlẽ Israel-viwo tso Beer-Seba va se ɖe Dan;+ ne miava gblɔe nam, ne manya woƒe xexlẽme.”  Ke Yoab gblɔ be: “Yehowa nena eƒe dukɔ la nadzi ɖe edzi zi alafa wu ale si wòle. Nye aƒetɔ fia, ɖe ameawo katã menye nye aƒetɔ ƒe subɔviwo xoxo oa? Nu ka tae nye aƒetɔ di be yeawɔ nu sia, eye esia nazu fɔɖiɖi na Israel?”  Gake fia la ƒe nya kpe Yoab tɔ dzi. Eya ta Yoab do yi ɖatsa le Israel blibo la katã, emegbe wòtrɔ gbɔ va Yerusalem.+  Eye Yoab tsɔ dukɔ la me tɔ siwo ŋkɔ woŋlɔ la ƒe xexlẽme na David. Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ata yi la ƒe xexlẽme le ame miliɔn ɖeka akpe alafa ɖeka, eye Yuda ŋutsu siwo ate ŋu ata yi+ la le ame akpe alafa ene blaadre.  Gake mexlẽ Lewi viwo kple Benyamin viwo ya de wo me o,+ elabena fia la ƒe nya la medzɔ dzi na Yoab o.+  Ke nu sia medze Mawu vavã la ŋu kura o, eya ta ehe to na Israel.  Eya ta David gblɔ na Mawu vavã la be: “Mewɔ nu vɔ̃+ ŋutɔ be mewɔ nu sia. Eya ta meɖe kuku, tsɔ wò subɔla ƒe vodada kee;+ elabena mewɔ bometsinu ŋutɔ.”+  Eye Yehowa gblɔ na David ƒe ŋutegakpɔla Gad+ be: 10  “Yi ɖagblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nu etɔ̃ metsɔ ɖo ŋkuwòme. Tia wo dometɔ ɖeka, ne mawɔ wò.”’” 11  Ale Gad va David gbɔ gblɔ nɛ be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Tia esi nèdi: 12  dɔ nato ƒe etɔ̃+ loo; alo wò ketɔwo nasi wò, eye wò futɔwo ƒe yi nakpe dziwò ɣleti etɔ̃+ loo, alo Yehowa ƒe yi, si nye dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi,+ eye Yehowa ƒe dɔla nagblẽ nu+ le Israel-nyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃.’ Azɔ bu eŋu, ne nàkpɔ nya aɖe nam maɖagblɔ na Ame si dɔm.” 13  David gblɔ na Gad be: “Mexaxa ŋutɔ. Meɖe kuku, na madze Yehowa si me, elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ ŋutɔ;+ ke mègana madze amegbetɔ si me o.”+ 14  Eya ta Yehowa na dɔvɔ̃+ va Israel, ale be ame akpe blaadre ku le Israel.+ 15  Azɔ hã, Mawu vavã la dɔ mawudɔla aɖe ɖo ɖe Yerusalem be wòatsrɔ̃e; eye esi wòbe yeadze etsɔtsrɔ̃ gɔme ko la, Yehowa kpɔe, eye vɔ̃+ la vee;* eya ta egblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm la be: “Enyo!+ Ðiɖi wò asi azɔ.” Yehowa ƒe dɔla la tɔ ɖe Yebusitɔ+ Ornan+ ƒe nukuƒoƒe gbɔ. 16  Esi David fɔ mo dzi la, ekpɔ Yehowa ƒe dɔla la wòtɔ ɖe anyigba kple dziƒo domee heɖe eƒe yi+ ɖe asi do ɖe Yerusalem dzi. Eye David kple ametsitsi siwo ta akpanya+ la tsyɔ mo anyi enumake.+ 17  Eye David gblɔ na Mawu vavã la be: “Menye nyee gblɔ be woaxlẽ dukɔ la oa? Eye menye nyee wɔ nu vɔ̃ hewɔ nu gbegblẽ oa?+ Ke alẽ siawo ɖe, nu kae wowɔ? Oo Yehowa, nye Mawu, meɖe kuku, wò asi neva nye kple fofonye ƒe aƒe la dzi, ke mègahe dɔvɔ̃ sia va wò dukɔ la dzi o.”+ 18  Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Gad+ be wòagblɔ na David be wòayi Yebusitɔ Ornan ƒe nukuƒoƒe aɖaɖi vɔsamlekpui na Yehowa.+ 19  Eya ta David yi le Gad ƒe nya si wògblɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me la nu. 20  Ɣemaɣi la, Ornan nye kɔ, eye wòkpɔ mawudɔla la, eye via ene siwo nɔ egbɔ la si yi ɖabe. Ke Ornan nɔ lu ƒom. 21  Esime David va egbɔ, eye Ornan kpɔ David la, enumake edo go tso nukuƒoƒe la yi ɖabɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe David ŋkume. 22  David gblɔ na Ornan be: “Dzra* nukuƒoƒe la nam ne maɖi vɔsamlekpui ɖe edzi na Yehowa. Dzrae nam ɖe ga home si wòaxɔ la nu pɛpɛpɛ, ne dɔvɔ̃ la nu natso le dukɔ la dome.”+ 23  Ke Ornan gblɔ na David be: “Tsɔe faa, eye nye aƒetɔ fia newɔ nu si nyo eŋu.* Kpɔ ɖa, metsɔ nyiawo na be woatsɔ asa numevɔ, luƒotasiaɖam+ la nanye nake, eye woatsɔ lu la asa nuɖuvɔ. Metsɔ wo katã na.” 24  Ke Fia David gblɔ na Ornan be: “Kpao, ɖeko maƒlee le ga home si wòaxɔ la nu pɛpɛpɛ, elabena nyematsɔ nu si nye tɔwò la ayi na Yehowa be woatsɔ asa numevɔ femaxee o.”+ 25  Ale David da sika sekel* alafa ade na Ornan ɖe anyigba la ta. 26  Eye David ɖi vɔsamlekpui+ ɖe afi ma na Yehowa, eye wòsa numevɔ kple ŋutifafavɔ, eyɔ Yehowa, eye wòtɔ nɛ hena dzo+ tso dziƒowo va numevɔsamlekpui la dzi. 27  Eye Yehowa ɖe gbe na mawudɔla+ la be wòagbugbɔ eƒe yi la ade aku me. 28  Esi David kpɔ ɣemaɣi be Yehowa tɔ na ye le Yebusitɔ Ornan ƒe nukuƒoƒe la, eyi edzi nɔ vɔ sam le afi ma. 29  Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe avɔgbadɔ si Mose tu le gbea dzi kple numevɔsamlekpui la nɔ togbɛ si le Gibeon+ la dzi. 30  Ke David mete ŋu yi afi ma ɖabia gbe Mawu se o, elabena Yehowa ƒe dɔla ƒe yi la tso dzika ƒo nɛ.

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “tsitretsiɖeŋula.”
Alo, “ete ɖe edzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Tsɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu si nyo le eŋkume.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.