1 Kronika 27:1-34

  • Dɔdzikpɔla siwo subɔa fia la (1-34)

27  Esiawoe nye Israel-viwo le woƒe xexlẽme nu, tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu kple ame akpe kple ame alafa ƒe tatɔwo+ hekpe ɖe woƒe dɔdzikpɔla siwo subɔa fia+ la le hatsotsoawo ƒe nya sia nya gbɔ kpɔkpɔ me, le ame siwo vana kple ame siwo dzona ɣleti sia ɣleti le ƒea ƒe ɣletiawo katã me ŋu; ame akpe blaeve vɔ ene ye le hatsotso ɖe sia ɖe me.  Yasobeam,+ Zabdiel vi, le hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me; eye ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me.  Etso Perez+ viwo dome, eyae le tatɔawo katã nu le ɣleti gbãtɔ me.  Dodai,+ Ahohitɔ+ la le ɣleti evelia ƒe hatsotso la nu, eye Miklot nye kplɔla; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me.  Dɔwɔha etɔ̃lia si vana le ɣleti etɔ̃lia me ƒe tatɔe nye Benaya,+ nunɔlawo ƒe tatɔ Yehoyada+ ƒe vi; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me.  Benaya sia nye kalẽtɔ le ame blaetɔ̃awo dome, eye wòle ame blaetɔ̃awo nu; eye via Amizabad le eƒe hatsotso la nu.  Tatɔ enelia, le ɣleti enelia mee nye Asahel,+ Yoab nɔvi,+ eye via Zebadiya kplɔe ɖo; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me.  Tatɔ atɔ̃lia, le ɣleti atɔ̃lia mee nye Samhut, Yizra vi; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me.  Tatɔ adelia, le ɣleti adelia mee nye Ira,+ Tekoatɔ+ Ikes ƒe vi; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 10  Tatɔ adrelia, le ɣleti adrelia mee nye Pelonitɔ Helez+ tso Efrayim viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 11  Tatɔ enyilia, le ɣleti enyilia mee nye Husatɔ Sibekai+ tso Zera+ viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 12  Tatɔ asiekelia, le ɣleti asiekelia mee nye Abi-Ezer,+ Anatottɔ+ tso Benyamin viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 13  Tatɔ ewolia, le ɣleti ewolia mee nye Maharai,+ Netofatɔ tso Zera+ viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 14  Tatɔ wuiɖekɛlia, le ɣleti wuiɖekɛlia mee nye Benaya,+ Piratontɔ tso Efrayim viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 15  Tatɔ wuievelia, le ɣleti wuievelia mee nye Heldai, Netofatɔ tso Otniel viwo dome; ame akpe blaeve vɔ ene le eƒe hatsotso la me. 16  Ame siwo le Israel-toawo nue nye esi: le Ruben viwo dome la, Eliezer, Zikri vi, nye kplɔla; ame si tso Simeon viwo domee nye Sefatiya, Maaka vi; 17  ame si tso Lewi viwo domee nye Hasabiya, Kemuel vi; ame si tso Aron viwo domee nye Zadok; 18  ame si tso Yuda viwo domee nye Elihu,+ si nye David nɔviwo dometɔ ɖeka; ame si tso Isakar viwo domee nye Omri, Mikael vi; 19  ame si tso Zebulon viwo domee nye Yismaya, Obadiya vi; ame si tso Naftali viwo domee nye Yerimot, Azriel vi; 20  ame si tso Efrayim viwo domee nye Hosea, Azaziya vi; ame si tso Manase-to afã la mee nye Yoel, Pedaya vi; 21  ame si tso Manase-to afã si le Gilead mee nye Ido, Zakariya vi; ame si tso Benyamin viwo domee nye Yaasiel, Abner+ vi; 22  ame si tso Dan viwo domee nye Azarel, Yeroham vi. Ame siawoe nye Israel-toawo ƒe amegãwo. 23  Ke David mexlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la o, elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israel nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.+ 24  Yoab, Zeruya vi, dze wo xexlẽ gɔme, ke mewu enu o; eye Mawu ƒe dɔmedzoe va Israel dzi le esia ta,+ ale womede xexlẽme la Fia David ƒe ŋutinyagbalẽ me o. 25  Azmavet, Adiel vi, le fia ƒe kesinɔnudzraɖoƒewo+ nu. Eye Yonatan, Uziya vi, le nudzraɖoƒe* siwo le agblewo, duwo, kɔƒewo kple mɔ́ sesẽwo me la nu. 26  Ezri, Kelub vi, le agbledela siwo ŋlɔa agble la nu. 27  Ramatɔ Simei le waingblewo nu; Sifmottɔ Zabdi le wain siwo wotsɔna tso waingblewo me va dzrana ɖo la nu. 28  Gedertɔ Baal-Hanan le amitibɔ kple gboti+ siwo le Sefela+ nu; eye Yoas le ami siwo wodzrana ɖo la nu. 29  Sitrai, Sarontɔ le nyiha siwo ɖua gbe le Saron+ la nu, eye Safat, Adlai vi, le nyiha siwo le bali la me nu. 30  Obil, Ismael vi, le kposɔwo nu; eye Yehdeya, Meronottɔ le tedziwo* nu. 31  Yaziz, Hagritɔ le alẽhawo nu. Ame siawo katã nye tatɔwo le Fia David ƒe nuwo nu. 32  Ke David tɔɖiyɔvi Yonatan+ nye aɖaŋuɖola, enye ŋutsu si si gɔmesese le, eye wònye agbalẽŋlɔla hã, eye Yehiel, Hakmoni vi, kpɔa fia ƒe viwo dzi.+ 33  Ahitofel+ nye fia ƒe aɖaŋuɖola, eye Husai,+ Arkitɔ nye fia xɔlɔ̃.* 34  Ame siwo kplɔ Ahitofel ɖoe nye Yehoyada, Benaya+ vi kple Abiatar;+ eye Yoab+ nye fia la ƒe aʋafia.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “kesinɔnudzraɖoƒe.”
Alo, “tedzinɔwo.”
Alo, “ame si fia gblɔa eƒe dzimenyawo na.”