1 Kronika 3:1-24

  • David ƒe dzidzimeviwo (1-9)

  • David ƒe fiaƒomea (10-24)

3  David viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron+ woe nye esi: Amnon,+ eƒe ŋgɔgbevi, si dada nye Ahinoam+ si tso Yezreel; eveliae nye Daniel, si nye Karmeltɔ Abigail+ ƒe vi;  etɔ̃liae nye Absalom,+ si nye Maaka, Gesur-fia Talmai vinyɔnu ƒe vi; eneliae nye Adoniya,+ si nye Hagit vi;  atɔ̃liae nye Sefatiya, si dada nye Abital; adeliae nye Yitream, si dada nye Egla, David srɔ̃.  Wodzi vi ade siawo nɛ le Hebron; eɖu fia le afi ma ƒe adre kple ɣleti ade, eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.+  Ame siwo wodzi nɛ le Yerusalem+ woe nye: Simea, Sobab, Natan+ kple Salomo;+ wole ame ene, siwo Bat-Seba,+ Amiel vinyɔnu dzi.  Via asieke bubuwoe nye: Yibhar, Elisama, Elifelet,  Noga, Nefeg, Yafia,  Elisama, Eliyada kple Elifelet.  Ame siawo katã nye David viŋutsuwo, ke eƒe ahiãwo ƒe viŋutsuwo ya mele eme o, wo nɔvinyɔnue nye Tamar.+ 10  Salomo vie nye Rehabeam;+ eya hã ƒe vie nye Abiya,+ eya hã ƒe vie nye Asa,+ eya hã ƒe vie nye Yehosafat,+ 11  eya hã ƒe vie nye Yehoram,+ eya hã ƒe vie nye Ahaziya,+ eya hã ƒe vie nye Yehoas,+ 12  eya hã ƒe vie nye Amaziya,+ eya hã ƒe vie nye Azariya,+ eya hã ƒe vie nye Yotam,+ 13  eya hã ƒe vie nye Ahaz,+ eya hã ƒe vie nye Hizkiya,+ eya hã ƒe vie nye Manase,+ 14  eya hã ƒe vie nye Amon,+ eya hã ƒe vie nye Yosiya.+ 15  Yosiya viwoe nye Yohanan, si nye ŋgɔgbevia; eveliae nye Yehoyakim,+ etɔ̃liae nye Zedekiya,+ eneliae nye Salum. 16  Yehoyakim vie nye Yekoniya,+ eya hã ƒe vie nye Zedekiya. 17  Yekoniya, ame si wode gaxɔ me la ƒe viwoe nye: Sealtiel, 18  Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamiya, Hosama kple Nedabiya. 19  Pedaya viwoe nye Zerubabel+ kple Simei; Zerubabel viwoe nye Mesulam kple Hananiya (wo nɔvinyɔnue nye Selomit); 20  via atɔ̃ bubuwoe nye: Hasuba, Ohel, Berekiya, Hasadiya kple Yusab-Hesed. 21  Hananiya viwoe nye Pelatiya kple Yesaya; Yesaya vie* nye Refaya; Refaya vie* nye Arnan; Arnan vie* nye Obadiya; Obadiya vie* nye Sekaniya; 22  Sekaniya ƒe viwoe nye Semaya eye Semaya viwoe nye Hatus, Yigal, Bariya, Neariya kple Safat—wole ame ade. 23  Neariya viwoe nye Elioenai, Hizkiya kple Azrikam, wole ame etɔ̃. 24  Elioenai viwoe nye Hodavia, Eliyasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani, wole ame adre.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viwoe.”