1 Kronika 6:1-81

  • Lewi ƒe dzidzimeviwo (1-30)

  • Gbedoxɔmehadzilawo (31-47)

  • Aron ƒe dzidzimeviwo (48-53)

  • Lewi viwo ƒe duwo (54-81)

6  Lewi+ viwoe nye Gerson, Kohat+ kple Merari.+  Kohat viwoe nye Amram, Yizhar,+ Hebron kple Uziel.+  Amram+ viwoe nye Aron,+ Mose+ kple Miriam.+ Aron viwoe nye Nadab, Abihu,+ Eleazar+ kple Itamar.+  Eleazar dzi Finehas;+ Finehas dzi Abisua.  Abisua dzi Buki; Buki dzi Uzi.  Uzi dzi Zerahiya; Zerahiya dzi Merayot.  Merayot dzi Amariya; Amariya dzi Ahitub.+  Ahitub dzi Zadok;+ Zadok dzi Ahimaaz.+  Ahimaaz dzi Azariya; Azariya dzi Yohanan. 10  Yohanan dzi Azariya. Ewɔ nunɔladɔ le gbedoxɔ si Salomo tu ɖe Yerusalem la me. 11  Azariya dzi Amariya; Amariya dzi Ahitub. 12  Ahitub dzi Zadok;+ Zadok dzi Salum. 13  Salum dzi Hilkiya;+ Hilkiya dzi Azariya. 14  Azariya dzi Seraya;+ Seraya dzi Yehozadak.+ 15  Woɖe aboyo Yehozadak esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo Yuda kple Yerusalem. 16  Lewi viwoe nye Gersom,* Kohat kple Merari. 17  Gersom viwo ŋkɔwoe nye: Libni kple Simei.+ 18  Kohat viwoe nye Amram, Yizhar, Hebron kple Uziel.+ 19  Merari viwoe nye Mahli kple Musi. Esiawoe nye Lewi viwo ƒe ƒomeawo le wo tɔgbuiwo ƒe ŋkɔwo nu:+ 20  Gersom+ vie nye Libni, eya hã ƒe vie nye Yahat, eya hã ƒe vie nye Zima, 21  eya hã ƒe vie nye Yoak, eya hã ƒe vie nye Ido, eya hã ƒe vie nye Zera, eya hã ƒe vie nye Yeaterai. 22  Kohat viwoe* nye: Aminadab, eya hã ƒe vie nye Kora,+ eya hã ƒe vie nye Asir, 23  eya hã ƒe vie nye Elkana, eya hã ƒe vie nye Ebiasaf,+ eya hã ƒe vie nye Asir, 24  eya hã ƒe vie nye Tahat, eya hã ƒe vie nye Uriel, eya hã ƒe vie nye Uziya, eye eya hã ƒe vie nye Saul. 25  Elkana viwoe nye Amasai kple Ahimot. 26  Elkana vie nye Zofai, eya hã ƒe vie nye Nahat, 27  eya hã ƒe vie nye Eliab, eya hã ƒe vie nye Yeroham, eya hã ƒe vie nye Elkana.+ 28  Samuel+ viwoe nye Yoel, si nye ŋgɔgbevia, eye eveliae nye Abiya.+ 29  Merari viwoe* nye: Mahli,+ eya hã ƒe vie nye Libni, eya hã ƒe vie nye Simei, eya hã ƒe vie nye Uza, 30  eya hã ƒe vie nye Simea, eya hã ƒe vie nye Hagia, eya hã ƒe vie nye Asaya. 31  Ame siawoe David ɖo be woakpɔ hadzidzi dzi le Yehowa ƒe aƒe la me, esime wokɔ Aɖaka la va da ɖe afi ma.+ 32  Woawoe dzia ha le avɔgbadɔ si nye takpegbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Salomo tu Yehowa ƒe xɔ ɖe Yerusalem,+ eye wowɔ subɔsubɔdɔ si woɖo na wo la.+ 33  Ame siwo wɔ dɔ kple wo viwoe nye esi: Ame siwo tso Kohat viwo domee nye hadzila Heman,+ Yoel+ vi, Samuel vi, 34  Elkana+ vi, Yeroham vi, Eliel vi, Toa vi, 35  Zuf vi, Elkana vi, Mahat vi, Amasai vi, 36  Elkana vi, Yoel vi, Azariya vi, Zefaniya vi, 37  Tahat vi, Asir vi, Ebiasaf vi, Kora vi, 38  Yizhar vi, Kohat vi, Lewi vi, Israel ƒe vi. 39  Nɔvia Asaf+ le eƒe ɖusime; Asaf nye Berekiya vi, Simea vi, 40  Mikael vi, Baaseya vi, Malkiya vi, 41  Etni vi, Zera vi, Adaya vi, 42  Etan vi, Zima vi, Simei vi, 43  Yahat vi, Gersom vi, Lewi vi. 44  Ke wo nɔvi siwo nye Merari+ ƒe dzidzimeviwo le miame: Etan,+ si nye Kisi vi, Abdi vi, Maluk vi, 45  Hasabiya vi, Amaziya vi, Hilkiya vi, 46  Amzi vi, Bani vi, Semer vi, 47  Mahli vi, Musi vi, Merari vi, Lewi vi. 48  Eye woɖo* wo nɔvi Lewi viwo be woawɔ dɔ sia dɔ le Mawu vavã la ƒe aƒe si nye avɔgbadɔ la me.+ 49  Aron kple viawoe+ doa dzudzɔ le numevɔsamlekpui+ kple dzudzɔdomlekpui+ la dzi, eye wowɔa nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe ŋuti dɔ blibo la katã, eye woléa avu ɖe Israel ta,+ le nu siwo katã ƒe se Mawu vavã la ƒe ame Mose de la nu. 50  Aron+ ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar,+ eya hã ƒe vie nye Finehas, eya hã ƒe vie nye Abisua, 51  eya hã ƒe vie nye Buki, eya hã ƒe vie nye Uzi, eya hã ƒe vie nye Zerahiya, 52  eya hã ƒe vie nye Merayot, eya hã ƒe vie nye Amariya, eya hã ƒe vie nye Ahitub,+ 53  eya hã ƒe vie nye Zadok,+ eye eya hã ƒe vie nye Ahimaaz. 54  Esiawoe nye woƒe kɔƒewo le woƒe asaɖawo* nu le woƒe anyigba dzi: Aron ƒe dzidzimevi siwo tso Kohat viwo ƒe ƒomea me, siwo dzi nudzidze gbãtɔ dze la, 55  wotsɔ Hebron+ na wo ɖe Yuda-nyigba dzi hekpe ɖe lãnyiƒe siwo katã le eŋu godoo la ŋu. 56  Ke wotsɔ du la ƒe agbledenyigba kple eƒe kɔƒewo na Kaleb,+ Yefune vi la. 57  Sitsoƒedu+ siwo* wotsɔ na Aron ƒe dzidzimeviwoe nye: Hebron,+ wotsɔ Libna+ kple eŋu lãnyiƒewo, Yatir+ kpakple Estemoa+ kple eŋu lãnyiƒewo, 58  Hilen kple eŋu lãnyiƒewo, Debir+ kple eŋu lãnyiƒewo, 59  Asan+ kple eŋu lãnyiƒewo, Bet-Semes+ kple eŋu lãnyiƒewo hã na wo; 60  eye du siwo le Benyamin-to la mee nye: Geba+ kple eŋu lãnyiƒewo, Alemet kple eŋu lãnyiƒewo, Anatot+ kple eŋu lãnyiƒewo. Woƒe ƒomeawo ƒe duawo katã le du wuietɔ̃.+ 61  Wotsɔ du ewo na Kohat vi mamlɛawo ɖe to bubu aɖe ƒe ƒomeawo me, ɖe to afã, si nye Manase-to la ƒe afã me.+ 62  Wotsɔ du wuietɔ̃ na Gersom viwo ɖe woƒe ƒomeawo nu ɖe Isakar-to, Aser-to, Naftali-to kple Manase-to la me le Basan.+ 63  Wodzidze nu tsɔ du wuieve na Merari viwo le woƒe ƒomewo nu ɖe Ruben-to, Gad-to kple Zebulon-to+ la me. 64  Ale Israel-viwo tsɔ du siawo kple wo ŋu lãnyiƒewo na Lewi viwo.+ 65  Azɔ hã, wodzidze nu tsɔ du siawo, siwo ŋkɔ woyɔ la, na wo le Yuda-to, Simeon-to kple Benyamin-to la me. 66  Kohat viwo ƒe ƒomeawo dometɔ aɖewo xɔ woƒe duwo ɖe Efrayim-to la me.+ 67  Ale wotsɔ sitsoƒedu siwo* nye Sekem+ kple eŋu lãnyiƒewo na wo le Efrayim tonuto la me, Gezer+ kple eŋu lãnyiƒewo, 68  Yokmeam kple eŋu lãnyiƒewo, Bet-Horon+ kple eŋu lãnyiƒewo, 69  Aiyalon+ kple eŋu lãnyiƒewo, Gat-Rimon+ kple eŋu lãnyiƒewo; 70  eye esiwo le Manase-to afã la mee nye: Aner kple eŋu lãnyiƒewo, Bileam kple eŋu lãnyiƒewo; woawoe wotsɔ na Kohat viwo ƒe ƒome mamlɛawo. 71  Wotsɔ Golan+ le Basan kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Astarot kple eŋu lãnyiƒewo na Gersom viwo ɖe Manase ƒomea ƒe to afã la me;+ 72  esiwo wotsɔ na wo le Isakar-to la mee nye: Kedes kple eŋu lãnyiƒewo, Daberat+ kple eŋu lãnyiƒewo,+ 73  Ramot kple eŋu lãnyiƒewo, Anem kple eŋu lãnyiƒewo; 74  esiwo le Aser-to la mee nye: Masal kple eŋu lãnyiƒewo, Abdon kple eŋu lãnyiƒewo,+ 75  Hukok kple eŋu lãnyiƒewo, Rehob+ kple eŋu lãnyiƒewo; 76  eye esiwo le Naftali-to la mee nye: Kedes+ le Galilea+ kple eŋu lãnyiƒewo, Hamon kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Kiriatayim kple eŋu lãnyiƒewo. 77  Wotsɔ Rimono kple eŋu lãnyiƒewo, Tabor kple eŋu lãnyiƒewo na Merari vi siwo susɔ la ɖe Zebulon-to+ la me; 78  esiwo le Ruben-to la me, le Yordan nutoa me le Yeriko le Yordan ƒe ɣedzeƒe gomee nye: Bezer le gbedzi kple eŋu lãnyiƒewo, Yahaz+ kple eŋu lãnyiƒewo, 79  Kedemot+ kple eŋu lãnyiƒewo, Mefaat kple eŋu lãnyiƒewo; 80  eye esiwo le Gad-to la mee nye: Ramot le Gilead kple eŋu lãnyiƒewo, Mahanayim+ kple eŋu lãnyiƒewo, 81  Hesbon+ kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Yazer+ kple eŋu lãnyiƒewo.

Etenuŋɔŋlɔ

Woyɔe le kpukpui gbãtɔ me be Gerson.
Alo, “dzidzimeviwo.”
Alo, “dzidzimeviwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wode dɔ asi na.”
Alo, “asaɖa siwo ŋu wɔtɔ kpɔ ɖo.”
Agate ŋu afia, “sitsoƒedu si,” abe ale si wòdze le Yos 21:13 ene.
Agate ŋu afia, “sitsoƒedu si,” abe ale si wòdze le Yos 21:21 ene.