1 Samuel 11:1-15

  • Saul ɖu Amonitɔwo dzi (1-11)

  • Woɖo kpe Saul ƒe fianyenye dzi (12-15)

11  Eye Nahas, Amonitɔ+ la, ho yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Yabes+ ŋu le Gilead. Yabes ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas be: “Bla nu kpli mí ne míasubɔ wò.”  Nahas, Amonitɔ la, gblɔ na wo be: “Nu si mawɔ hafi abla nu kpli mi lae nye esi: maŋɔ ɖusimeŋku na mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawɔ esia atsɔ ado vlo Israel blibo la katã.”  Yabes ƒe ametsitsiawo ɖo eŋu nɛ be: “Na ŋkeke adre mí, ne míadɔ ame ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi. Eye ne ame aɖeke meli axɔ na mí o la, ekema míana ta.”  Emegbe ame dɔdɔawo va ɖo Saul ƒe Gibea+ hegblɔ nyaawo dukɔ bliboa se, eye dukɔ blibo la katã fa avi sesĩe.  Ke Saul kplɔ nyihawo tso gbe me gbɔna aƒe me, eye Saul bia be: “Nu kae le dukɔ la wɔm? Nu ka tae wole avi fam?” Eya ta wogblɔ Yabes ŋutsuawo ƒe nyawo nɛ.  Esi Saul se nya siawo ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,+ eye eƒe dziku fla.  Eya ta elé nyitsu eve hefli wo kakɛkakɛe, eye wòtsɔ wo de dɔlawo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi hegblɔ kpe ɖe eŋu be: “Mía dometɔ si mado adze Saul kple Samuel yome o la, alea woawɔ eƒe nyiwoe nye esi!” Ale Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye wova kple tame ɖeka.*  Eye wòxlẽ wo le Bezek: Israel-viwo ƒe xexlẽme le ame akpe alafa etɔ̃, eye Yuda ŋutsuwo le ame akpe blaetɔ̃.  Azɔ wogblɔ na ame dɔdɔ siwo va la be: “Ale miagblɔ na Yabes ŋutsuwo le Gilead ye nye esi: ‘Le etsɔ ŋdɔkutsu dzatsɛ la, woaxɔ na mi.’” Ale ame dɔdɔawo va gblɔe na Yabes ŋutsuwo, eye dzi dzɔ wo ŋutɔ. 10  Eya ta Yabes ŋutsuwo gblɔ na Amonitɔwo be: “Míana ta mi etsɔ, eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la ɖe mía ŋu.”+ 11  Esi ŋu ke la, Saul ma dukɔ la ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wodze mɔ yi asaɖa la me le ŋdi me ŋudzɔɣi* ɖasi Amonitɔwo+ va se ɖe ŋdɔkutsu dzatsɛ. Woka ame siwo susɔ la hlẽ, ale be ame eve mekpɔtɔ ɖe teƒe ɖeka o. 12  Eye dukɔ la gblɔ na Samuel be: “Ame kae gblɔ be: ‘Saul hãe anye fia ɖe mía nua?’+ Kplɔ wo vɛ míawu.” 13  Ke Saul gblɔ be: “Womawu ame aɖeke egbe sia o,+ elabena Yehowa xɔ na Israel egbea.” 14  Emegbe Samuel gblɔ na dukɔ la be: “Miva míayi Gilgal,+ ne míaɖo kpe Saul ƒe fianyenye la dzi le afi ma.”+ 15  Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, eye woɖo Saul fiae le afi ma le Yehowa ŋkume le Gilgal. Eye wosa ŋutifafavɔwo le Yehowa ŋkume le afi ma,+ eye Saul kple Israel ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ le afi ma eteƒe mekɔ o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “abe ame ɖeka ene.”
Efia, tso fɔŋli ga 2 lɔƒo va se ɖe ŋdi ga 6.