1 Samuel 12:1-25

  • Samuel ƒe kaklãnyawo (1-25)

    • ‘Migatrɔ dze nu dzodzrowo yome o’ (21)

    • Yehowa magblẽ eƒe dukɔ la ɖi o (22)

12  Mlɔeba Samuel gblɔ na Israel blibo la katã be: “Mewɔ nu siwo katã miebia tso asinye la,* eye meɖo fia na mi.+  Azɔ fia lae akplɔ mi!*+ Nye la, metsi heƒo wɔ, eye vinyewo le mia dome,+ eye mekplɔ mi tso nye ɖekakpuime va se ɖe egbe sia.+  Nyee nye esi. Miɖo eŋu nam le Yehowa ŋkume kple eƒe amesiamina la ŋkume:+ Ame ka ƒe nyitsu alo tedzie mexɔ?+ Alo ame kae metafa, ame kae mete ɖe anyi, alo ame ka sie mexɔ zãnu le heŋe aɖaba ƒu nu si wòwɔ la dzi?+ Ne maɖo eteƒe na mi.”+  Woɖo eŋu be: “Mètafa mí o, mète mí ɖe anyi o, eye mèxɔ naneke le ame aɖeke si o.”  Eye wògblɔ na wo be: “Yehowae nye ɖasefo ɖe mia ŋu, eye eƒe amesiamina hã nye ɖasefo egbea, be miate ŋu atso nunye le naneke ŋu o.”* Woɖo eŋu be: “Eyae nye ɖasefo.”  Eya ta Samuel gblɔ na dukɔ la be: “Yehowa, ame si zã Mose kple Aron tsɔ kplɔ mia tɔgbuiwo dzoe le Egipte-nyigba+ dzi lae nye ɖasefo.  Azɔ miva tɔ ɖi ne madrɔ̃ ʋɔnu mi le Yehowa ŋkume, le nu dzɔdzɔe siwo katã Yehowa wɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la gome.  “Esi Yakob va Egipte,+ eye mia tɔgbuiwo de asi Yehowa yɔyɔ me be wòaxɔ na yewo ko la,+ Yehowa dɔ Mose+ kple Aron, be woakplɔ mia tɔgbuiwo adzoe le Egipte, eye wona wova nɔ teƒe sia.+  Ke woŋlɔ Yehowa woƒe Mawu la be, eye wòtsɔ wo dzra+ na Hazor ƒe aʋafia Sisera+ kple Filistitɔwo+ kpakple Moab-fia,+ eye wowɔ aʋa kpli wo. 10  Eye woyɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo+ hegblɔ be: ‘Míewɔ nu vɔ̃,+ elabena míegblẽ Yehowa ɖi hesubɔ Baal+ kple Astoret+ legbawo; ke azɔ la, ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, ne míasubɔ wò.’ 11  Ale Yehowa dɔ Yerubaal,+ Bedan, Yefta+ kple Samuel,+ eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo si me godoo va kpe, be mianɔ dedie.+ 12  Esi miekpɔ be Amonitɔwo ƒe fia Nahas+ ho ɖe mia ŋu la, miegblɔ nam be: ‘Gbeɖe, ke boŋ fia neɖu mía dzi!’+ evɔ Yehowa mia Mawue nye miaƒe Fia hafi.+ 13  Azɔ fia si mietia, eye miebia lae nye esi; kpɔ ɖa, Yehowa ɖo fia ɖe mia nu.+ 14  Ne mi kple fia si le mia dzi ɖum la, miadze Yehowa, mia Mawu la yome, eye miavɔ̃e,+ asubɔe+ ahaɖo to eƒe gbe,+ eye miadze aglã ɖe Yehowa ƒe sedede ŋu o la, ekema nu adze edzi na mi. 15  Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miedze aglã ɖe Yehowa ƒe sedede ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia kple mia fofowo dzi.+ 16  Azɔ miva tɔ ɖi, ne miakpɔ nu gã sia si wɔ ge Yehowa le le mia ŋkume la ɖa. 17  Alo menye luxaɣie nye esia oa? Mayɔ Yehowa, ne wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza; ne miadze sii, eye miakpɔe be nu vɔ̃ɖie miewɔ le Yehowa ŋkume, be miebia fia na mia ɖokui.”+ 18  Ale Samuel yɔ Yehowa, eye Yehowa na dzi ɖe gbe, eye tsi dza gbe ma gbe, ale be dukɔ blibo la katã vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔ. 19  Eye dukɔ blibo la katã gblɔ na Samuel be: “Do gbe ɖa na Yehowa wò Mawu la ɖe wò dɔlawo ta,+ elabena míedi be míaku o, elabena míewɔ nu vɔ̃ɖi tsɔ ƒu míaƒe nu vɔ̃wo katã dzi, be míebia fia na mía ɖokui.” 20  Eye Samuel gblɔ na dukɔ la be: “Migavɔ̃ o. Miewɔ vɔ̃ sia katã xoxo. Ðeko migatrɔ le Yehowa yome o,+ ke boŋ misubɔ Yehowa kple dzi blibo.+ 21  Migatrɔ dze nu dzodzro+ siwo ŋu viɖe aɖeke mele o,+ eye womeɖea ame o la yome o, elabena nu dzodzrowoe wonye. 22  Yehowa magblẽ eƒe dukɔ la ɖi o+ le eƒe ŋkɔ gã la ta,+ elabena Yehowa tsɔe ɖo eɖokui dzi be, yeawɔ mi mianye yeƒe dukɔ.+ 23  Eye nede megbe xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta, si anye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Yehowa ŋu, mayi edzi afia nu mi le mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe la ŋu. 24  Ðeko mivɔ̃ Yehowa,+ eye misubɔe nuteƒewɔwɔtɔe* tso dzi blibo me, elabena mikpɔ nu gã siwo gbegbe wòwɔ na mi la ɖa!+ 25  Ke ne miesẽ dzi me hewɔ nu si nye vɔ̃ la, ekema atsrɔ̃ mi kple miaƒe fia+ la siaa.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Meɖo to miaƒe gbe le nu siwo katã miebia tso asinye la me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “fia lae adze mia ŋgɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “miekpɔ naneke le asinye o.”
Alo, “le nyateƒe me.”