1 Samuel 22:1-23

  • David yi Adulam kple Mizpe (1-5)

  • Saul na wowu nunɔlawo le Nob (6-19)

  • Abiatar si dzo (20-23)

22  David dzo le afi ma+ hesi yi agado si le Adulam la me.+ Esi nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã see la, woyi egbɔ le afi ma.  Eye ame siwo katã le xaxa me kple fenyilawo kpakple ame siwo katã dɔme le vevem* la ƒo ƒu ɖe eŋu, eye wòzu woƒe tatɔ. Ame siwo le eŋu la anɔ ame alafa ene.  Emegbe David dzo le afi ma yi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia+ be: “Meɖe kuku, na fofonye kple danye nanɔ mia gbɔ, va se ɖe esime manya nu si Mawu awɔ nam.”  Ale wògblẽ wo ɖe Moab-fia gbɔ, eye wotsi egbɔ ŋkeke siwo katã David le agado la me.+  Emegbe nyagblɔɖila Gad+ gblɔ na David be: “Mèganɔ teƒe ma o. Dzo yi Yuda-nyigba dzi.”+ Ale David dzo, eye wòva Heret-ve me.  Saul se be woke ɖe David kple ame siwo le eŋu la ŋuti. Ɣemaɣi Saul bɔbɔ nɔ Gibea+ le tamarisk-ti te le togbɛ la dzi, elé eƒe akplɔ ɖe asi, eye eŋumewo katã le tsitre ƒo xlãe.  Eye Saul gblɔ na eŋume siwo le tsitre ƒo xlãe la be: “Mi Benyamin viwo, meɖe kuku, miɖo to miasee. Ðe miesusu be Isai+ vi la ana anyigbawo kple waingblewo mia? Ðe wòaɖo mi katã amegãwo ɖe ame akpewo nu alo ɖe ame alafawo nua?+  Mi katã mieɖo nugbe ɖe ŋunye! Ame aɖeke mefi tofi nam esime nye ŋutɔ vinye bla nu kple Isai+ vi la o! Eye mia dometɔ aɖeke mese veve ɖe nunye, ne wòava fi tofi nam be, nye ŋutɔ vinye na nye subɔvi tso ɖe ŋunye heva de xa ɖi nam, abe ale si wòle egbe sia ene o.”  Eye Doeg+ Edomtɔ si tɔ ɖe afi ma henye tatɔ le Saul ŋumewo nu la ɖo eŋu nɛ be:+ “Mekpɔ Isai vi la wòva Ahimelek, Ahitub vi+ gbɔ le Nob. 10  Ebia gbe Yehowa nɛ; ena mɔdzinuɖuɖui. Eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la ƒe yi nɛ.”+ 11  Enumake fia la dɔ be woayi aɖayɔ nunɔla Ahimelek, Ahitub vi la kple nunɔla siwo katã le fofoa ƒe me le Nob la vɛ. Ale wo katã wova fia la gbɔ. 12  Eye Saul gblɔ be: “Ahitub vi, meɖe kuku, ɖo to nàsee!” Eɖo eŋu be: “Mele to dzi, nye aƒetɔ.” 13  Saul biae be: “Nu ka tae wò kple Isai vi la mieɖo nugbe ɖe ŋunye, nètsɔ abolo kple yi nɛ, eye nèbia gbe Mawu nɛ? Etso ɖe ŋunye hede xa ɖi nam, abe ale si wòle egbe sia ene.” 14  Eye Ahimelek ɖo eŋu na fia la be: “Ame kae le wò dɔlawo dome si wɔa nuteƒe* abe David+ ene? Fia ƒe to+ kple ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã, si ŋu wodea bubui le aƒewò me ye wònye.+ 15  Egbee nye zi gbãtɔ si mebia gbe Mawu nɛa?+ Nya si gblɔm nèle nede megbe xaa tso gbɔnye! Fia megada nya ɖe eƒe subɔvi kple fofonye ƒe aƒe blibo la katã dzi o, elabena wò subɔvi menya naneke kura tso nu siawo katã ŋu o.”+ 16  Ke fia la gblɔ be: “Ahimelek, wò+ kple fofowò ƒe aƒe la katã miaku.”+ 17  Eye fia la gblɔ na dzɔla* siwo le tsitre ƒo xlãe la be: “Mite yi, ne miawu Yehowa ƒe nunɔlawo, elabena wowɔ ɖeka kple David! Wonya be esi dzo, ke womefi tofi nam o!” Ke fia la ƒe subɔviwo medi be yewoado asi ɖa ada nu Yehowa ƒe nunɔlawo o. 18  Eye fia la gblɔ na Doeg+ be: “Trɔ nàda nu nunɔlawo!” Enumake Doeg, Edomtɔ+ la trɔ heda nu nunɔlawo. Ewu ŋutsu blaenyi vɔ atɔ̃, siwo do aklalakɔmewu+ gbe ma gbe. 19  Etsɔ yi ɖasi Nob,+ si nye nunɔlawo ƒe du la gɔ̃ hã: etsɔ yi wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vi nonowo, nyiwo kple tedziwo kpakple alẽwo siaa. 20  Ke Ahimelek, Ahitub vi, ƒe vi ɖeka, si ŋkɔe nye Abiatar+ ya si ɖadze David yome. 21  Abiatar gblɔ na David be: “Saul wu Yehowa ƒe nunɔlawo.” 22  Eye David gblɔ na Abiatar be: “Menyae gbe ma gbe be+ esi Doeg, Edomtɔ la nɔ afi ma ta la, eyina egblɔ ge na Saul godoo. Nyee ɖi fɔ le ame* siwo katã wowu le fofowò ƒe me la ta. 23  Wò ya nɔ gbɔnye. Mègavɔ̃ o, elabena ame si le wò agbe* dim la le nye hã nye agbe* dim, eya ta makpɔ tawò.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ame siwo ƒe luʋɔ le veve sem.”
Alo, “ɖia anukware.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “duƒula.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”