1 Samuel 27:1-12

  • Filistitɔwo tsɔ Ziklag na David (1-12)

27  Ke David gblɔ le eƒe dzi me be: “Mele Saul ƒe asi me tsi ge gbe ɖeka. Nu nyuitɔ si mawɔe nye be masi+ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi; ekema Saul magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o,+ eye mado le esi me.”  Ale David kple ŋutsu alafa ade+ siwo le eŋu la dze mɔ yi Akis,+ Maok vi si nye Gat-fia la gbɔ.  Eye David nɔ Akis gbɔ le Gat, eya kple eƒe amewo, ame sia ame kple eƒemetɔwo. David kple srɔ̃a eveawo, siwo nye Ahinoam+ si tso Yezreel, kple Abigail,+ Karmel nyɔnu la, si nye Nabal ƒe ahosi.  Emegbe wova gblɔ na Saul be David si yi Gat, eya ta megadii azɔ o.+  Eye David gblɔ na Akis be: “Ne ève nunye la, ekema na woana teƒem ɖe anyigba la ƒe duviwo dometɔ ɖeka me, ne manɔ afi ma. Nu ka tae wò subɔvi anɔ fiadua me kpli wò?”  Eya ta Akis tsɔ Ziklag+ nɛ gbe ma gbe. Esia tae Ziklag zu Yuda-fiawo tɔ va se ɖe egbe sia.  Ɣeyiɣi didi si* David nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la le ƒe ɖeka kple ɣleti ene.+  Eye David kple eƒe amewo yina ɖadzea Gesurtɔwo+ kple Girzitɔwo kpakple Amalektɔwo+ dzi, elabena wonɔ anyigba si tso Telam va ɖo Sur+ ɖado ɖe keke Egipte-nyigba dzi ke la dzi.  Ne David yi ɖadze duawo dzi la, megblẽa ŋutsu alo nyɔnu aɖeke ɖe agbe o,+ eye wòtsɔa alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo gbɔna vaa Akis gbɔ. 10  Eye Akis bianɛ be: “Afi ka mieyi ɖadze amewo dzi le egbea?” David ɖoa eŋu be: “Yuda ƒe anyiehe,*+ alo Yerameltɔwo+ ƒe anyiehe alo Kenitɔwo+ ƒe anyiehe.” 11  David menaa ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe, ne wòakplɔ ava Gat o, elabena egblɔ be: “Ne woagaƒo nu le mía ŋu agblɔ be: ‘Ale kple ale David wɔ’ o.” (Aleae wòwɔ le ŋkeke siwo katã me wònɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi.) 12  Eya ta Akis xɔ David dzi se, eye wògblɔ na eɖokui be: ‘Ele ʋeʋẽm ɖe eƒe dukɔ Israel, azu nye subɔvi ɖaa.’

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkeke siwo.”
Alo, “Negeb.”