1 Samuel 29:1-11

  • Filistitɔwo meka ɖe David dzi o (1-11)

29  Filistitɔwo+ ƒo woƒe aʋakɔwo katã nu ƒu ɖe Afek, eye Israel-viwo hã ƒu asaɖa anyi ɖe tsidzɔƒe si le Yezreel gbɔ.+  Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple woƒe aʋakɔwo va le yiyim alafaalafa kple akpeakpe, eye David kple eƒe amewo nɔ wo megbe hekpe ɖe Akis ŋu va yi.+  Ke Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ be: “Nu ka dim Hebritɔ siawo le?” Akis ɖo eŋu na Filistitɔwo ƒe amegãwo be: “David, Israel-fia Saul ƒe subɔvi, si le gbɔnye afi sia ƒe ɖeka kple nanewoe nye esia lae.+ Eye nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu tso gbe si gbe wòsi va gbɔnye va se ɖe egbe sia o.”  Ke Filistitɔwo ƒe amegãwo do dziku ɖe eŋu, eye wogblɔ nɛ be: “Na ŋutsu la nagbugbɔ.+ Na wòagbugbɔ ayi afi si nètsɔ nɛ la. Mègana wòayi aʋa la kpli mí o, ne wòagava trɔ ɖe mía ŋu le aʋa la me o.+ Nu kae ame sia awɔ atsɔ adze eƒe aƒetɔ ŋu, ne menye be wòawu míaƒe ame siawo oa?  Alo menye David sia ŋue wodzi ha le heɖu ɣe nɔ gbɔgblɔm be: ‘Saul wu ame akpewo,David ya wu ame akpe ewowo’ oa?”+  Eya ta Akis+ yɔ David gblɔ nɛ be: “Zi ale si Yehowa le agbe la, ame dzɔdzɔe nènye, eye ɖe medi be nàyi kple nye aʋakɔa le aʋahohoa me hafi,+ elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le ŋuwò tso gbe si gbe nèva gbɔnye va se ɖe egbe sia o.+ Gake Filistitɔwo ƒe kplɔlawo ya meka ɖe dziwò o.+  Eya ta gbugbɔ yi le ŋutifafa me, be nàgawɔ nu si madze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo ŋu o.”  Ke David bia Akis be: “Nu ka ta, nu kae mewɔ? Nu gbegblẽ kae nèkpɔ le wò subɔvi ŋu tso gbe si gbe meva ŋkuwòme va se ɖe egbe sia? Nu ka tae nyemayi aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ fia ƒe futɔwo o?”  Akis ɖo eŋu na David be: “Nye ya menyae be ame nyui nènye, abe mawudɔla ene.+ Ke Filistitɔwo ƒe amegãwoe gblɔ nam be: ‘Mègana wòayi aʋa la kpli mí o.’ 10  Eya ta wò kple wò aƒetɔ ƒe subɔvi siwo va kpli wò la, mifɔ ŋdi kanya miadzo ne xexea me nya kɔ ko.” 11  Eya ta David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya hedze mɔ yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ke Filistitɔwo ho yi Yezreel.+

Etenuŋɔŋlɔ