1 Samuel 3:1-21

  • Samuel yɔyɔ be wòazu nyagblɔɖila (1-21)

3  Ɣemaɣi la, Samuel ɖevi la nɔ Yehowa subɔm+ le Eli gbɔ. Le ŋkeke mawo me la, ƒãa hafi Yehowa ƒe gbe nava na ame aɖe, eye ŋutegakpɔkpɔ+ hã mebɔ o.  Gbe ɖeka Eli, ame si ƒe ŋkuwo nɔ tsitsim eye meganɔ nu kpɔm o la, mlɔ enɔƒe.+  Womekpɔ tsi Mawu ƒe akaɖi+ la haɖe o, eye Samuel mlɔ anyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ*+ me, le afi si Mawu ƒe Aɖaka la le.  Eye Yehowa yɔ Samuel. Etɔ be: “Nyee nye esi.”  Eye wòƒu du yi Eli gbɔ gblɔ be: “Nyee nye esi, elabena èyɔm.” Ke egblɔ be: “Nyemeyɔ wò o. Gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi.” Ale wòyi ɖamlɔ anyi.  Yehowa gayɔe ake be: “Samuel!” Enumake Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ be: “Nyee nye esi, elabena èyɔm.” Ke egblɔ be: “Vinye, nyemeyɔ wò o. Gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi.”  (Ke Samuel mekpɔ dze si Yehowa nyuie o, eye womeɖe Yehowa ƒe nya fiae haɖe o.)+  Eye Yehowa gayɔe zi etɔ̃lia be: “Samuel!” Enumake wòfɔ yi Eli gbɔ gblɔ be: “Nyee nye esi, elabena èyɔm.” Ale Eli kpɔe dze sii be, Yehowae le ɖevi la yɔm.  Eya ta Eli gblɔ na Samuel be: “Yi ɖamlɔ anyi. Eye ne egayɔ wò la, nàgblɔ be: ‘Yehowa, ƒo nu, elabena wò subɔla le to dzi.’” Ale Samuel yi ɖamlɔ emlɔƒe. 10  Yehowa va tɔ ɖe afi ma heyɔe abe tsã ene be: “Samuel, Samuel!” Eye Samuel gblɔ be: “Ƒo nu, elabena wò subɔla le to dzi.” 11  Yehowa gblɔ na Samuel be: “Kpɔ ɖa! Mele nane wɔ ge le Israel, eye ame sia ame si asee la ƒe to eveawo me aɖi yeŋ!+ 12  Gbe ma gbee mawɔ nu siwo katã megblɔ ɖe Eli ƒe aƒe ŋu la ɖe eŋu, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu.+ 13  Gblɔ nɛ be mele ʋɔnu drɔ̃ ge eƒe aƒe la tegbee ɖe vodada si ŋu wònya nu le la ta,+ elabena viawo le busunu wɔm ɖe Mawu ŋu,+ ke meka mo na wo o.+ 14  Esia tae meka atam ɖe Eli ƒe aƒe la ŋu be, ne wosa vɔ ɖe Eli ƒe aƒe la ta alo na nu ɖe eta hã la, womagbe tohehe nɛ gbeɖe o.”+ 15  Eye Samuel mlɔ anyi va se ɖe esime ŋu ke; eye wòʋu Yehowa ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo. Ke Samuel le vɔvɔ̃m be yeagblɔ ŋutega la na Eli. 16  Gake Eli yɔ Samuel be: “Vinye Samuel!” Eye wòtɔ be: “Nyee nye esi.” 17  Ebiae be: “Nya kae wògblɔ na wò? Meɖe kuku, mègaɣlae ɖem o. Mawu nefia wò, eye wòagafia wò ɖe edzi, ne èɣla nane ɖem le nya siwo katã wògblɔ na wò la dome!” 18  Ale Samuel gblɔ nya sia nya nɛ, eye meɣla naneke ɖee o. Eli gblɔ be: “Yehowae. Nu si nyo eŋu la, newɔe.” 19  Samuel nɔ tsitsim, eye Yehowa ŋutɔ nɔ kplii,+ eye mena eƒe nyawo dometɔ aɖeke do kpo emevava o.* 20  Eye Israel blibo la katã, tso Dan va se ɖe Beer-Seba, va nyae be woɖo Samuel Yehowa ƒe nyagblɔɖilae. 21  Eye Yehowa gaɖea eɖokui fiana le Silo, elabena Yehowa gaɖe eɖokui fia Samuel le Silo to Yehowa ƒe nya la dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, avɔgbadɔ.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mena eƒe nyawo dometɔ aɖeke ge ɖe anyigba o.”