1 Samuel 4:1-22

  • Filistitɔwo xɔ Nubablaɖaka la (1-11)

  • Eli kple viawo ku (12-22)

4  Ale Samuel ƒe nya ɖo Israel blibo la gbɔ. Eye Israel ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu; wova ƒu asaɖa anyi ɖe Ebenezer gbɔ, eye Filistitɔwo hã va ƒu asaɖa anyi ɖe Afek.  Filistitɔwo va kpe aʋa kple Israel, eye aʋa la mekpa Israel kura o, ale be Filistitɔwo si wo, wowu ame anɔ akpe ene le aʋagbea dzi.  Esi aʋawɔlaawo va ɖo asaɖa la me la, Israel ƒe ametsitsiwo gblɔ be: “Nu ka tae Yehowa na Filistitɔwo ɖu mía dzi* egbea?+ Mina míakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava mía gbɔ,+ ne wòanɔ mía dome ahaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me.”  Ale wodɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖakɔ aʋakɔwo ƒe Yehowa, ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo tame*+ la, ƒe nubablaɖaka la vɛ. Eye Eli vi eveawo, Hofni kple Finehas,+ hã va kple Mawu vavã la ƒe nubablaɖaka la.  Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la nya va ɖo asaɖaa me ko la, Israel-viwo katã do ɣli sesĩe, ale be anyigba ʋuʋu.  Esi Filistitɔwo se ɣlia la, wobia be: “Nu ka ta ɣli sesẽ sia le ɖiɖim le Hebritɔwo ƒe asaɖaa me?” Mlɔeba wova nya be Yehowa ƒe Aɖaka lae va ɖo asaɖa la me.  Eye vɔvɔ̃ ɖo Filistitɔwo, elabena wogblɔ be: “Mawu va asaɖa la me!”+ Eya ta wogblɔ be: “Baba na mí, elabena nu sia tɔgbi medzɔ kpɔ o!  Baba na mí! Ame kae aɖe mí tso Mawu gã sia si me? Mawu siae tsɔ fuwɔame vovovowo wu Egiptetɔwo le gbea dzi.+  Mi Filistitɔwo, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu, ne miagasubɔ Hebritɔwo, abe ale si ko wosubɔ mi ene o.+ Miwɔ ŋutsu, eye miwɔ aʋa la!” 10  Eya ta Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel,+ ale be wo dometɔ ɖe sia ɖe si yi eƒe agbadɔ me. Ame siwo wowu la sɔ gbɔ ŋutɔ; ale be aʋawɔla afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi aʋa le Israel-viwo dome. 11  Woxɔ Mawu ƒe Aɖaka la hã, eye wowu Eli vi eveawo, Hofni kple Finehas.+ 12  Eye Benyamintɔ aɖe ƒu du tso aʋagbea dzi va Silo gbe ma gbe; awu vuvu le eŋu, eye ke le tame nɛ.+ 13  Esi ŋutsua va ɖo la, Eli bɔbɔ nɔ zikpui dzi le mɔ to nɔ mɔ dzi kpɔm, elabena etsi dzimaɖi le Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ta.+ Eye ŋutsua ƒu du yi ɖaka nya la ta le dua me, eye du blibo la katã de asi avifafa me. 14  Esi Eli se avifafa la, ebia be: “Nu ka ƒe hoowɔwɔe nye ema sem mele?” Ŋutsu la ɖe abla yi ɖaka nya la ta na Eli. 15  (Ke Eli xɔ ƒe blaasieke vɔ enyi, eye eƒe ŋkuwo tsi, eye megale nu kpɔm o.)+ 16  Eye ŋutsua gblɔ na Eli be: “Aʋagbe dzi metso, egbea ko mesi tso aʋagbe dzi!” Eye wòbiae be: “Vinye, nu kae dzɔ?” 17  Ale ame la ɖo eŋu be: “Israel si le Filistitɔwo nu, eye wowu ame geɖe le dukɔ la dome;+ wò ŋutɔ viwòŋutsu eveawo, Hofni kple Finehas, hã ku,+ eye woxɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la hã.”+ 18  Esi wònya yɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ŋkɔ ko la, Eli mu tso zikpui la dzi dze anyi ɖe megbe le agboa nu, eye wòtɔ kɔ anyi heku, elabena etsi, eye wòle kpekpem. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene. 19  Ɣemaɣi la, fu nɔ toyɔvia Finehas srɔ̃ ƒo, eye eƒe vidziɣi gogo. Esi wòse be woxɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la, eye toa kple srɔ̃a hã ku la, ebɔbɔ be yeadzi vi, elabena fu de asi eɖuɖu me enumake. 20  Eye esi wònɔ kudɔ ƒom la, nyɔnu siwo nɔ egbɔ la gblɔ be: “Mègavɔ̃ o, elabena ŋutsuvie nèdzi.” Ke meɖo eŋu o, eye metsɔ ɖeke le eme o.* 21  Ke ena ŋkɔ ɖevi la be Ikabod,*+ hegblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel yi aboyo me.”+ Egblɔ esia le Mawu vavã la ƒe Aɖaka si woxɔ kple toa kpakple srɔ̃a ta.+ 22  Egblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel yi aboyo me, elabena woxɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nu ka ta Yehowa ɖu mía dzi?”
Agate ŋu afia, “dome.”
Alo, “meʋã dzi nɛ o.”
Egɔmee nye, “Afi Kae Ŋutikɔkɔe La Le?”