1 Samuel 5:1-12

  • Nubablaɖaka la le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi (1-12)

    • Gbɔɖiɖi Dagon (1-5)

    • Gbegblẽ va Filistitɔwo dzi (6-12)

5  Esi Filistitɔwo xɔ Mawu vavã la ƒe Aɖakaa+ la, wokɔe tso Ebenezer yi Asdod.  Eye Filistitɔwo kɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la yi Dagon ƒe xɔ* me hedae ɖe Dagon+ xa.  Ke esi ŋu ke, eye Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon ye nye ema tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe Aɖaka la ŋgɔ!+ Eye wofɔ Dagon hegbugbɔe ɖo enɔƒe.+  Esi wofɔ ŋdi kanya le ŋkeke si gakplɔe ɖo dzi la, kpɔ ɖa, Dagon tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe Aɖaka la ŋgɔ, eye ta kple asi eveawo fli ɖa le Dagon ŋu ɖe kpuia nu. Negbe eƒe akpa si ɖi tɔmelã* koe susɔ.  Esia tae Dagon ƒe trɔ̃nuawo kple ame siwo dea Dagon ƒe xɔ me la meɖoa afɔ Dagon ƒe kpui la nu o le Asdod va se ɖe egbe sia.  Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, ale be wòhe gbegblẽ va wo dzi, eye wòna kookoo to ɖe wo ŋu, le Asdod kple eƒe nutowo katã me.+  Esi Asdodtɔwo kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, wogblɔ be: “Migana Israel ƒe Mawu ƒe Aɖaka la nanɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple mía mawu Dagon dzi.”  Eya ta wodɔ ame woɖaƒo Filistitɔwo ƒe kplɔlawo katã nu ƒu va wo gbɔ, eye wobia wo be: “Aleke míawɔ Israel ƒe Mawu ƒe Aɖaka lae?” Woɖo eŋu be: “Mina woakɔ Israel ƒe Mawu la ƒe Aɖakaa ayi Gat.”+ Ale wokɔ Israel ƒe Mawu ƒe Aɖaka la yi afi ma.  Ke esi wokɔe yi afi ma la, Yehowa ƒe asi va du la dzi, ale be dzidzi ƒo wo ŋutɔ. Ewɔ fu dua me tɔwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, eye kookoo to ɖe wo ŋu.+ 10  Eya ta woɖo Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ɖe Ekron,+ gake esi Mawu vavã la ƒe Aɖaka la va ɖo Ekron ko la, Ekrontɔwo de asi ɣlidodo me be: “Wokɔ Israel ƒe Mawu ƒe Aɖaka la va mía gbɔ be wòawu mí kple míaƒe amewo!”+ 11  Eya ta wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe kplɔlawo katã nu ƒu, eye wogblɔ be: “Miɖo Israel ƒe Mawu ƒe Aɖaka la ɖa, ale be wòagbugbɔ ayi enɔƒe, ne wòagawu mía kple míaƒe dukɔ la o.” Elabena dzidzi ƒo du blibo la be yewoava ku; Mawu vavã la ƒe asi sẽ le afi ma ŋutɔ,+ 12  eye ame siwo meku o la, kookoo to ɖe wo ŋu. Eye dua me tɔwo nɔ ɣli dom bobobo be woaxɔ na yewo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “trɔ̃xɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Dagon.”