1 Samuel 6:1-21

  • Filistitɔwo gbugbɔ Nubablaɖaka la ɖo ɖe Israel (1-21)

6  Yehowa ƒe Aɖaka+ la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre.  Eye Filistitɔwo yɔ nunɔlawo kple afakalawo+ bia wo be: “Aleke míawɔ Yehowa ƒe Aɖaka lae? Mina míanya ale si míawɔ agbugbɔe aɖo ɖe enɔƒe.”  Woɖo eŋu be: “Ne miele Israel ƒe Mawu, Yehowa ƒe nubablaɖakaa ɖom ɖa la, migaɖoe ɖa nunana manɔmee o. Mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋu.+ Ema ko hafi miahaya, eye mianya nu si tae eƒe asi gbe dzodzo le mia dzi ɖo.”  Eya ta wobia be: “Fɔɖivɔsa kae míaɖo ɖee?” Woɖo eŋu be: “Sikakookoo atɔ̃ kple sikafi atɔ̃, le Filistitɔwo ƒe kplɔlawo ƒe xexlẽme nu,+ elabena dɔvɔ̃ ɖeka ma kee va dze mi kple miaƒe kplɔlawo katã dzi.  Miwɔ miaƒe kookoawo ƒe nɔnɔme kple afi+ siwo le anyigba la gblẽm la ƒe nɔnɔme, eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ðewohĩ ana eƒe asi si va mia kple miaƒe mawu la kpakple miaƒe anyigba dzi la dzi naka aɖe.+  Nu ka tae miasẽ dzi me abe ale si Egiptetɔwo kple Farao sẽ dzi me ene?+ Esi wòtu nu kpli wo vevie la,+ woɖe asi le Israel ŋu wòdzo.+  Eya ta miwɔ tasiaɖam yeye, eye milé nyinɔ eve siwo ŋu vi le, siwo womede kɔkuti kɔ na kpɔ o. Mitsi nyinɔawo ɖe tasiaɖam la ŋu, eye miɖe nyiviawo le wo ŋu de kpo.  Mikɔ Yehowa ƒe Aɖaka la da ɖe tasiaɖam la dzi, eye mitsɔ sikanu siwo nye fɔɖivɔsa si ɖom miele ɖee la de aɖakavi me da ɖe exa,+ eye miaɖoe ɖa wòayi,  eye minɔ ekpɔm: ne Bet-Semes+ mɔe wòto ɖo ta eƒe anyigba dzi la, ekema eyae wɔ vɔ̃ gã sia mí. Ke ne mele alea o la, ekema míanyae be menye eyae ka asi mía ŋu o, ke boŋ nu dogoɖenunue.” 10  Eye ameawo wɔe alea. Wolé nyinɔ eve siwo ŋu vi le, eye wotsi wo ɖe tasiaɖam la ŋu, ke wolé wo viwo de kpo. 11  Eye wokɔ Yehowa ƒe Aɖaka la da ɖe tasiaɖam la dzi hekpe ɖe aɖakavi si me afiawo kple woƒe kookoawo ƒe nɔnɔmeawo le la ŋu. 12  Eye nyinɔawo zɔ tẽe to mɔ si ɖo ta Bet-Semes.+ Wolé mɔ gã ɖeka tsɔ, eye wole xɔxlɔ̃m le yiyim; eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kplɔ wo ɖo va ɖo keke Bet-Semes ƒe liƒo dzi ke. 13  Bet-Semestɔwo nɔ lu ŋem le bali la me. Esi wofɔ mo dzi hekpɔ Aɖakaa la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. 14  Eye tasiaɖam la va ɖo Yosua, Bet-Semestɔ la, ƒe agble me, afi si kpe gã aɖe le, eye wòtɔ ɖe afi ma. Eya ta wofli tasiaɖam la tsɔ wɔ nakee, eye wotsɔ nyinɔawo sa numevɔ+ na Yehowa. 15  Eye Lewi viwo+ ɖiɖi Yehowa ƒe Aɖaka la kple aɖakavi si kpe ɖe eŋu, si me sikanuawo le la ɖe anyi, eye wotsɔ wo da ɖe kpe gã la dzi. Bet-Semestɔwo+ sa numevɔ, eye wosa vɔ na Yehowa gbe ma gbe. 16  Esi Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kpɔe la, wotrɔ yi Ekron gbe ma gbe. 17  Ke sikakookoo siwo Filistitɔwo tsɔ kpe ɖe eŋu vɛ be woatsɔ asa fɔɖivɔ na Yehowa lae nye esiawo:+ Asdod+ tɔ ɖeka, Gaza tɔ ɖeka, Askelon tɔ ɖeka, Gat+ tɔ ɖeka, Ekron+ tɔ ɖeka. 18  Eye afiawo le Filistitɔwo ƒe du siwo katã me kplɔla atɔ̃awo tso la ƒe xexlẽme nu, tso du siwo ŋu woɖo gli ɖo dzi va ɖo kɔƒe siwo le agbleta la dzi. Eye kpe gã si dzi wokɔ Yehowa ƒe Aɖaka la da ɖo la nye ɖaseɖikpe le Yosua, Bet-Semestɔ la, ƒe agble me va se ɖe egbe sia. 19  Eye Yehowa wu Bet-Semestɔwo, elabena wokpɔ eƒe Aɖaka la. Ale wòwu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre* le dukɔ la dome, eye dukɔ la fa konyi le esi Yehowa wu ame geɖe ta.+ 20  Eya ta Bet-Semestɔwo bia be: “Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia ŋkume,+ eye ame ka gbɔe wòadzo le mía gbɔ ayi?”+ 21  Ale wodɔ ame ɖo ɖe Kiriat-Yearimtɔwo+ gbɔ, gblɔ be: “Filistitɔwo gbugbɔ Yehowa ƒe Aɖaka la vɛ. Miva kɔe yi mia gbɔ.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame blaadre, kple ame akpe blaatɔ̃.”