1 Samuel 7:1-17

  • Nubablaɖaka la nɔ Kiriat-Yearim (1)

  • Samuel gblɔ be: ‘Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko’ (2-6)

  • Israel ƒe aʋadziɖuɖu le Mizpa (7-14)

  • Samuel drɔ̃ ʋɔnu na Israel (15-17)

7  Eya ta Kiriat-Yearimtɔwo va kɔ Yehowa ƒe Aɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒe me+ le togbɛ la dzi, eye wokɔ via Eleazar ŋu be wòakpɔ Yehowa ƒe Aɖaka la dzi.  Nubablaɖaka la nɔ Kiriat-Yearim ƒe geɖe, anɔ abe ƒe blaeve sɔŋ ene, eye Israel ƒe aƒe blibo la katã di Yehowa yome mɔ.*+  Eye Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la be: “Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo la,+ ekema miɖe dutamawuwo+ kple Astoret legbawo+ ɖa le mia dome, eye mitrɔ miaƒe dzi ɖe Yehowa ŋu bliboe, ne miasubɔ eya ɖeɖe ko,+ ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.”+  Ale Israel-viwo ɖe Baal kple Astoret legbawo ɖa, eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko.+  Eye Samuel gblɔ be: “Miƒo Israel blibo la katã nu ƒu ɖe Mizpa,+ ne mado gbe ɖa na Yehowa ɖe mia ta.”+  Ale wova ƒo ƒu ɖe Mizpa, eye wodu tsi kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume hetsi nu dɔ gbe ma gbe.+ Eye wogblɔ le afi ma be: “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.”+ Mizpa ye Samuel dze ʋɔnudɔdrɔ̃+ na Israel-viwo gɔme le.  Esi Filistitɔwo se be Israel-viwo va ƒo ƒu ɖe Mizpa la, Filistitɔwo ƒe kplɔlawo*+ ho ɖe Israel ŋu. Esi Israel-viwo see la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Filistitɔwo ta.  Eye Israel-viwo gblɔ na Samuel be: “Mègagbe Yehowa mía Mawu la yɔyɔ be wòaxɔ na mí o,+ ne wòaɖe mí tso Filistitɔwo si me.”  Eye Samuel lé alẽvi si gale no nom hetsɔe sa numevɔ+ na Yehowa; eye Samuel yɔ Yehowa be wòaxɔ na Israel, eye Yehowa tɔ nɛ.+ 10  Esi Samuel le numevɔa sam la, Filistitɔwo ho va aʋa wɔ ge kple Israel. Eye Yehowa na dzi ɖe gbe sesĩe+ ɖe Filistitɔwo dzi gbe ma gbe, eye wòde tɔtɔ wo dome,+ ale Israel ɖu wo dzi.+ 11  Eye Israel ŋutsuwo ho tso Mizpa heti Filistitɔwo yome, eye wonɔ nu dam wo ƒu anyi va se ɖe keke Bet-Kar ƒe anyiehe ke. 12  Eye Samuel ɖi kpe+ aɖe ɖe Mizpa kple Yesana dome, eye wòna ŋkɔe be Ebenezer,* eye wògblɔ be: “Yehowa kpe ɖe mía ŋu va ɖo fifia.”+ 13  Ale wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi, eye womegava Israel-nyigba dzi kpɔ o;+ eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Filistitɔwo dzi le Samuel ƒe ŋkekeawo katã me.+ 14  Eye Israel gbugbɔ xɔ du siwo Filistitɔwo xɔ le wo si tso Ekron va ɖo Gat, ale Israel gbugbɔ woƒe anyigbawo xɔ le Filistitɔwo si. Eye ŋutifafa ɖo Israel kple Amoritɔwo dome.+ 15  Samuel drɔ̃ ʋɔnu na Israel le eƒe agbemeŋkekewo katã me.+ 16  Ezɔa mɔ yia Betel,+ Gilgal+ kple Mizpa+ ƒe sia ƒe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã. 17  Emegbe egatrɔna vaa Rama,+ elabena afi mae eƒe aƒe le, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le afi ma hã. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “hefa konyi.”
Alo, “kplɔla siwo dome nubabla le.”
Egɔmee nye, “Kpekpeɖeŋukpe.”