1 Samuel 8:1-22

  • Israel bia be woaɖo fia na ye (1-9)

  • Samuel xlɔ̃ nu dukɔa (10-18)

  • Yehowa lɔ̃ ɖe fiaɖoɖo ƒe biabia la dzi (19-22)

8  Esi Samuel tsi la, etsɔ viaŋutsuwo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawoe ɖe Israel nu.  Viaŋutsu ŋgɔgbea ŋkɔe nye Yoel, eye via evelia ŋkɔe nye Abiya;+ wodrɔ̃a ʋɔnu le Beer-Seba.  Gake viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, ke boŋ wodi viɖe ƒoɖi,+ eye woxɔ zãnu+ hetrɔ gbo nya dzɔdzɔe.+  Gbe ɖeka Israel ƒe ametsitsiwo katã kpe ta, eye wova Samuel gbɔ le Rama.  Wogblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Wò la, ètsi, ke viwòŋutsuwo meto wò ʋe me o. Eya ta ɖo fia na mí, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu na mí, abe ale si wòle le dukɔwo katã dome ene.”+  Ke nya si wogblɔ be, “Ðo fia na mí ne wòadrɔ̃ ʋɔnu na mí” la medze Samuel ŋu o.* Eya ta Samuel do gbe ɖa na Yehowa,  eye Yehowa gblɔ na Samuel be: “Ðo to dukɔ la ƒe gbe le nya siwo katã gblɔm wole na wò la me; elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be maganye fia na yewo o.+  Ale si wowɔ tso gbe si gbe mekplɔ wo dzoe le Egipte va se ɖe egbe sia la, nenema ko wɔm wole; ale si wogblẽam ɖi+ hesubɔa mawu bubuwo+ la, nu mawo ke ko wɔm wole ɖe wò hã ŋuwò.  Eya ta ɖo to woƒe gbe. Gake xlɔ̃ nu wo vevie; eye nàgblɔ nu si fia si aɖu wo dzi la abia tso wo si la na wo.” 10  Eya ta Samuel gblɔ Yehowa ƒe nyawo katã na dukɔ si le fia biamee la. 11  Eye wògblɔ be: “Esiae anye nu si fia si aɖu mia dzi la abia tso mia si:+ Axɔ mia viŋutsuwo+ atsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖamwo me,+ woanye eƒe sɔdolawo,+ eye wo dometɔ aɖewo aƒu du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ. 12  Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu,+ eye ɖewo hã ɖe ame blaatɔ̃wo nu,+ aɖo ame aɖewo be woaŋlɔ agble+ nɛ ahaŋe nu nɛ,+ eye woatu aʋawɔnuwo nɛ ahawɔ tasiaɖamŋunuwo nɛ.+ 13  Axɔ mia vinyɔnuwo woazu ami ʋeʋĩ wɔlawo kple nuɖalawo kpakple abolomelawo nɛ.+ 14  Axɔ miaƒe agble kple miaƒe waingble kpakple miaƒe amitibɔ+ nyuitɔwo atsɔ ana eƒe subɔviwo. 15  Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe waintsetsewo ƒe ewolia atsɔ ana eŋumewo kple eƒe subɔviwo. 16  Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo, miaƒe dɔlanyɔnuwo, miaƒe nyihawo dome lã nyuitɔwo kple miaƒe tedziwo, ne woawɔ dɔ nɛ.+ 17  Axɔ miaƒe alẽhawo ƒe ewolia,+ eye miawo ŋutɔwo miazu subɔviwo nɛ. 18  Ɣemaɣi la, miado ɣli le miaƒe fia, si mietia na mia ɖokui la ta,+ ke Yehowa matɔ na mi o.” 19  Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel ƒe gbe hegblɔ be: “Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu. 20  Eye míawo hã míanɔ abe dukɔ bubuawo katã ene, eye míaƒe fia nadrɔ̃ ʋɔnu na mí ahadze mía ŋgɔ awɔ aʋa na mí.” 21  Eye Samuel se dukɔ la ƒe nyawo katã, eye wòyi ɖagblɔ wo na Yehowa ake. 22  Eye Yehowa gblɔ na Samuel be: “Ðo to woƒe gbe, eye nàɖo fia na wo.”+ Eya ta Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi eƒe du me.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “menyo le Samuel ŋkume o.”