2 Tesalonikatɔwo 2:1-17

  • Sedzimawɔla la (1-12)

  • Nuxɔxlɔ̃ be woanɔ tsitre sesĩe (13-17)

2  Ke nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi+ kple esime woaƒo mía nu ƒu ɖe egbɔ ŋuti la,+ míele biabiam tso mia si  be miagana woatɔtɔ miaƒe susu kaba alo ana nya aɖe si adze abe gbɔgbɔ mee* wòtso ene,+ alo nya aɖe si wogblɔ kple nu, alo agbalẽ aɖe si adze abe mía gbɔe wòtso ene la, naɖe fu na mi, be Yehowa* ƒe ŋkeke+ la ɖo vɔ o.  Migana ame aɖeke nakplɔ mi atrae* le mɔ aɖeke nu o, elabena ŋkeke ma mava o, negbe ɖe xɔsegbegbe+ la va gbã, eye woɖe sedzimawɔla,+ si nye tsɔtsrɔ̃vi la fia hafi.+  Tsitretsiɖeŋulae wònye, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nu sia nu si woyɔna be mawu alo nu si wosubɔna la ŋu, eye ale wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ me, hele eɖokui ɖem fia gaglã be mawu yenye.  Ðe mieɖo ŋkui be, esime menɔ mia gbɔ la, melɔ̃a nya siawo gbɔgblɔ na mi oa?  Ke azɔ mienya nu si le mɔ xem nɛ la, ale be woaɖee ɖe go le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la dzi.  Nyateƒee, sedzimawɔmawɔ sia si nye nya ɣaɣla la le dɔ dzi xoxo,+ ke anɔ ɣaɣla va se ɖe esime ame si le mɔ xem ɖe enu fifia la dzo le mɔa dzi hafi.  Ekema woaɖe sedzimawɔla la ɖe go, ame si Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe numegbɔgbɔ aɖe ɖa,+ eye wòato eƒe anyinɔɣi si adze ƒãa+ la dzi abu mo nɛ.  Ke sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ la nye Satana+ ƒe dɔwɔwɔ si me wowɔa ŋusẽdɔwo kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo+ 10  kpakple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe le tsɔ blea+ ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la abe woƒe fetu ene, elabena womexɔ nyateƒe la ƒe lɔlɔ̃ la, ne woakpɔ ɖeɖe o. 11  Esia tae Mawu ɖe mɔ vodada ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kplɔ wo trae, ale be woaxɔ aʋatsokaka dzi ase,+ 12  ne woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã le esi womexɔ nyateƒe la dzi se o, ke boŋ wokpɔ dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu ta. 13  Gake ele na mí be míada akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mi, nɔvi siwo Yehowa* lɔ̃ la ta, elabena Mawu tia mi+ tso gɔmedzedzea me na ɖeɖekpɔkpɔ, to eƒe gbɔgbɔ si wòtsɔ kɔ mia ŋu+ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me. 14  Eyɔ mi va esia gbɔ to nya nyui si míegblɔna la dzi, ale be mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si.+ 15  Eya ta nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe,+ eye milé nu siwo míefia mi,+ eɖanye to numenya alo agbalẽ aɖe si míeŋlɔ ɖo ɖe mí dzi o, la me ɖe asi. 16  Eye mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí,+ eye wòto eƒe amenuveve me na akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ+ nyui mí la, 17  nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui kple nya nyui ɖe sia ɖe me.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “abe gbɔgbɔ aɖe gbɔe.” Kpɔ “Gbɔgbɔ,” le Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “nable mi.”