2 Fiawo 11:1-21

  • Ataliya xɔ zia akpasesẽe (1-3)

  • Woɖo Yehoas fia le adzame (4-12)

  • Wowu Ataliya (13-16)

  • Yehoyada na dukɔ la trɔ ɖe Yehowa ŋu (17-21)

11  Esi Ataliya,+ si nye Ahaziya dada kpɔ be ye via ku la,+ etso hetsrɔ̃ fiaƒome* blibo la.+  Ke Yehoseba, Fia Yehoram vinyɔnu, si nye Ahaziya nɔvinyɔnu, fi Ahaziya vi Yehoas+ dzoe le fiaviŋutsu siwo wu ge wole la dome, eye wòtsɔ eya kple eƒe nonala yi ɖaɣla ɖe xɔ ememetɔ aɖe me. Wodze agbagba ɣlae ɖe Ataliya, ale be womewui o.  Eye wònɔ ɣaɣla le egbɔ le Yehowa ƒe aƒe la me ƒe ade esime Ataliya nɔ fia ɖum ɖe anyigba la dzi.  Le ƒe adrelia me la, Yehoyada dɔ woɖakplɔ dzɔla Kariatɔwo kple fiasãŋudzɔlawo*+ ƒe ame alafa ƒe tatɔwo va egbɔ le Yehowa ƒe aƒe la me. Ebla nu kpli wo hena woka atam ƒu edzi le Yehowa ƒe aƒe la me, emegbe eɖe fia vi la fia wo.+  Eye wòde se na wo be: “Nu si miawɔe nye esi: Miaƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me nava le Sabat dzi ahadzɔ fia ƒe aƒe* la ŋu nyuie,+  eye akpa ɖeka le etɔ̃ me nanɔ Gɔmeɖokpegbo la nu, eye akpa ɖeka le etɔ̃ me nanɔ dugbo la nu le dzɔlawo megbe; eye mianɔ aƒe la ŋu dzɔm nyuie ɖe mia nɔewo yome.  Miaƒe hatsotso eve siwo wòle be woadzo le Sabat dzi la natsi anyi, ale be woadzɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu nyuie akpɔ fia la ta.  Miaƒo xlã fia la le goawo katã me, eye ame sia ame ƒe aʋawɔnuwo nanɔ esi. Ne ame aɖe be yeato mia dome la, miwui. Eye minɔ fia la ŋu le afi sia afi si wòayi.”*  Eye ame alafa ƒe tatɔawo+ wɔ abe ale si nunɔla Yehoyada de see ene. Eya ta wo dometɔ ɖe sia ɖe kplɔ eƒe ame siwo ava le Sabat dzi kple ame siwo adzo le Sabat dzi la siaa va nunɔla Yehoyada gbɔ.+ 10  Eye nunɔla la tsɔ Fia David ƒe akplɔ kple eƒe akpoxɔnu kotoo siwo le Yehowa ƒe aƒe la me la na ame alafa ƒe tatɔawo. 11  Eye fiasãŋudzɔlawo+ dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe aʋawɔnuwo ɖe asi hetɔ ɖi, wole aƒe la ƒe ɖusime va se ɖe aƒe la ƒe miame kple vɔsamlekpui+ la gbɔ kpakple aƒe la ŋu, woƒo xlã fia la godoo va kpe. 12  Eye wòkplɔ fia vi+ la do goe heɖɔ fiakuku la nɛ eye wòtsɔ Ðaseɖiɖi*+ la ɖo ta nɛ;* ale woɖoe fia hesi ami nɛ. Eye wosi akpe hedo ɣli be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”+ 13  Esi Ataliya se hoowɔwɔ kple amewo ƒe duƒuƒu la, eva dukɔ la gbɔ le Yehowa ƒe aƒe la me enumake. + 14  Eye wòkpɔ fia la le tsitre ɖe sɔti la gbɔ le kɔnu la nu.+ Tatɔawo kple kpẽkulawo+ le fia la gbɔ, eye dukɔ la me tɔwo katã le dzidzɔ kpɔm hele kpẽ kum. Eye Ataliya dze eƒe awuwo hedo ɣli be: “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” 15  Ke Yehoyada ɖe gbe na ame alafa ƒe tatɔ+ siwo le aʋakɔ la nu be: “Mikplɔe do go le ameawo dome, eye ame sia ame si adze eyome la, mida yii ƒu anyi!” Elabena nunɔla la gblɔ be: “Migawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o.” 16  Eya ta wolée, eye esi wova ɖo afi si sɔwo tona yia fia ƒe aƒe me*+ la, wowui ɖe afi ma. 17  Eye Yehoyada na fia la kple dukɔ la bla nu kple Yehowa+ be yewoayi edzi anye Yehowa ƒe dukɔ, eye wòna fia la hã bla nu kple dukɔ la.+ 18  Emegbe dukɔ la me tɔwo katã va Baal ƒe me* va gbã eƒe vɔsamlekpuiwo+ kple eƒe legbawo+ gudugudu, eye wowu Baal ƒe nunɔla Matan+ ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. Eye nunɔla la ɖo dzikpɔlawo ɖe Yehowa ƒe aƒe la nu.+ 19  Eɖe ame alafa ƒe tatɔwo+ kple dzɔla Kariatɔwo kple fiasãŋudzɔlawo+ kpakple dukɔ la me tɔwo katã hã be woakplɔ fia la tso Yehowa ƒe me, woto fiasãŋudzɔlawo ƒe agbo nu yi fia ƒe aƒe* la me; eye wòbɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi.+ 20  Eye dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ; dua me fa, elabena wowu Ataliya kple yi le fia la ƒe aƒe me. 21  Yehoas+ xɔ ƒe adre esime wòzu fia.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “fiaɖuƒe ƒe dzidzime.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “duƒulawo.”
Alo, “fiasã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne edo go alo ne egbɔ.”
Alo, “eye wòtsɔ Se la nɛ.”
Ate ŋu anye agbalẽ xatsaxatsa si me woŋlɔ Mawu ƒe Sewo ɖo.
Alo, “fiasã me.”
Alo, “trɔ̃xɔ me.”
Alo, “fiasã.”