2 Fiawo 12:1-21

  • Yuda-fia Yehoas (1-3)

  • Yehoas dzra gbedoxɔ la ɖo (4-16)

  • Siriatɔwo ho aʋa (17, 18)

  • Wowu Yehoas (19-21)

12  Le Yehu+ ƒe ƒe adrelia me la, Yehoas+ zu fia, eye wòɖu fia ƒe blaene le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Zibiya, tso Beer-Seba.+  Yehoas wɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume le ŋkeke siwo katã me nunɔla Yehoyada fia nui la me.  Gake meɖe nuxeƒewo+ ɖa o, eye dukɔ la gasaa vɔ hedoa dzudzɔ le nuxeƒeawo kokoko.  Eye Yehoas gblɔ na nunɔlawo be: “Mitsɔ ga siwo katã wotsɔ va Yehowa ƒe aƒe me wònye nunana kɔkɔewo,+ si nye ga si woka na ame sia ame,+ ga home si woxena ɖe ame* ta, kple ga siwo katã ame sia ame ƒe dzi ʋãe wòtsɔ va Yehowa ƒe aƒea me la.+  Nunɔlawo naxɔe le ame siwo tsɔe vɛ la si,* eye woazãe atsɔ aɖɔ aƒe la ɖo; afi sia afi si gbagbãƒe aɖe le ko.”+  Le Fia Yehoas ƒe ƒe blaeve vɔ etɔ̃lia me gɔ̃ hã la, nunɔlawo mekpɔ dzra aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo o.+  Eya ta Fia Yehoas yɔ nunɔla Yehoyada+ kple nunɔla bubuawo gblɔ na wo be: “Nu ka tae miele aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖɔm ɖo o? Eya ta migaxɔ ga aɖeke le ame siwo tsɔnɛ vanɛ la si azɔ o, negbe ne miazãe atsɔ aɖɔ aƒe la ɖo hafi.”+  Eye nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewomagaxɔ ga aɖeke tso dukɔ la si azɔ o, eye be aƒe la dzadzraɖo meganye yewoƒe agba o.  Azɔ nunɔla Yehoyada tsɔ aɖaka+ aɖe, ŋɔ do ɖe eƒe nutuvi ŋu, eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui la xa, le ɖusime, ne woyina Yehowa ƒe aƒe la me. Eya mee nunɔla siwo nye agbonudzɔlawo tsɔa ga siwo katã wotsɔna vaa Yehowa ƒe aƒea me la kɔna ɖo.+ 10  Ɣesiaɣi si wokpɔ be gaa sɔ gbɔ ɖe aɖakaa me la, ekema fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã la vana, eye woɖea* ga si wotsɔ va Yehowa ƒe aƒea me la hexlẽnɛ.+ 11  Eye wotsɔa ga si woxlẽ la dea asi na Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔdzikpɔlawo. Woawo hã tsɔnɛ xea fe na atikpalawo kple xɔtula siwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe aƒe la ŋu,+ 12  kple gliɖolawo kpakple kpefulawo. Woƒlea xɔtutiwo kple kpe fufuwo hã, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo, eye wozãa gaa tsɔ kpɔa nu siwo katã wozãna ɖe aƒe la ɖɔɖɔ ɖo ŋu la gbɔ. 13  Ke wometsɔ ga si wotsɔna vaa Yehowa ƒe aƒe la me la wɔ klosalogbawo, dzotsinuwo, agba goboewo, kpẽwo,+ alo sikanu loo alo klosalonu aɖeke hena Yehowa ƒe aƒe la o.+ 14  Dɔwɔlaawo koe wotsɔa gaa nana be woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo. 15  Womebiaa akɔnta ŋutsu siwo si wotsɔa ga la dena be woatsɔe ana dɔwɔlaawo la o, elabena woka ɖe wo dzi.+ 16  Ke wometsɔa ga si woxena ɖe fɔɖivɔsa+ ta kple ga si woxena ɖe nuvɔ̃vɔsa ta ya vana Yehowa ƒe aƒe la me o; wonye nunɔlawo tɔ.+ 17  Ɣemaɣie Siria-fia Hazael+ ho ɖawɔ aʋa kple Gat,+ eye wòxɔe; ema megbe eɖoe be yeaho ɖe Yerusalem hã ŋu.+ 18  Eya ta Yuda-fia Yehoas tsɔ nunana kɔkɔe siwo katã ŋu tɔgbuia Yuda-fia siwo nye Yehosafat, Yehoram kple Ahaziya kɔ, kple eya ŋutɔ ƒe nunana kɔkɔewo kpakple sika siwo katã le Yehowa ƒe aƒe ƒe kesinɔnudzraɖoƒe kple fia ƒe aƒe* me la, ɖo ɖe Siria-fia+ Hazael. Ale wòtrɔ dzo le Yerusalem ŋu. 19  Yehoas ŋutinya susɔeawo kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20  Ke Yehoas ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu,+ eye wowui le Kpo*+ la ƒe aƒe la gbɔ, le mɔ si yi Sila la dzi. 21  Eŋume siwo wui la woe nye Yozakar, Simeat vi, kple Yehozabad, Somer vi.+ Woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David Ƒe Du la me, eye via Amaziya zu fia ɖe eteƒe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.”
Alo, “naxɔe le eƒe ame nyanyɛ si.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woblaa.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “Bet-milo.”