2 Fiawo 22:1-20

  • Yuda-fia Yosiya (1, 2)

  • Mɔfiame hena gbedoxɔ dzadzraɖo (3-7)

  • Woke ɖe Segbalẽ la ŋu (8-13)

  • Hulda gblɔ tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi (14-20)

22  Yosiya+ xɔ ƒe enyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe blaetɔ̃ vɔ ɖekɛ le Yerusalem.+ Dadaa ŋkɔe nye Yedida, Adaya si tso Bozkat+ ƒe vinyɔnu.  Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, eye wòto tɔgbuia David ƒe ʋe me;+ medze ɖe ɖusime alo miame o.  Le Fia Yosiya ƒe ƒe wuienyilia me la, fia la dɔ agbalẽŋlɔla Safan, Azaliya vi, si nye Mesulam vi, ɖe Yehowa ƒe aƒe+ la me be:  “Yi nunɔlagã Hilkiya+ gbɔ, ne wòaƒo ga siwo wotsɔ le Yehowa ƒe aƒe la me vam,+ si agbonudzɔlawo xɔ le dukɔa si la nu ƒu.+  Woatsɔe ade asi na dɔnunɔla siwo le Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo dzi kpɔm, ne woatsɔe ana ame siwo le dɔa wɔm, ame siwo le Yehowa ƒe aƒe la me be woaɖɔ aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo,+  woatsɔe ana ame siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo, xɔtulawo kple gliɖolawo; ne woazãe atsɔ aƒle atiwo kple kpe fufuwo hena aƒe la ɖɔɖɔ ɖo.+  Gake womabia akɔnta wo le ga si wotsɔ de asi na wo la ŋuti o, elabena woka ɖe wo dzi.”+  Emegbe nunɔlagã Hilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan+ be: “Mefɔ Segbalẽ+ la le Yehowa ƒe aƒe la me.” Ale Hilkiya tsɔ agbalẽ la na Safan, eye wòde asi exexlẽ me.+  Eye agbalẽŋlɔla Safan va fia la gbɔ, eye wògblɔ na fia la be: “Wò dɔlawo trɔa ga si le aƒea me, eye wotsɔnɛ dea asi na dɔnunɔla siwo le Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo dzi kpɔm.”+ 10  Eye agbalẽŋlɔla Safan gagblɔ na fia la be: “Nunɔla Hilkiya tsɔ agbalẽ+ aɖe nam.” Eye Safan de asi exexlẽ me le fia la ŋkume. 11  Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo ko la, edze eƒe awuwo.+ 12  Eye fia la de se sia na nunɔla Hilkiya, Ahikam,+ Safan vi; Akbor, Mikaya vi, agbalẽŋlɔla Safan kple fia ƒe dɔla Asaya be: 13  “Miyi ɖabia gbe Yehowa ɖe nye kple dukɔ la kple Yuda blibo la nu le agbalẽ sia si ŋu woke ɖo la me nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dziku si wòdo ɖe mía ŋu la nu sẽ,+ le esi mía tɔgbuiwo meɖo to agbalẽ sia me nyawo hewɔ nu siwo katã woŋlɔ le mía ŋu la dzi o ta.” 14  Eya ta nunɔla Hilkiya, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya woyi nyɔnunyagblɔɖila+ Hulda gbɔ. Enye awudzikpɔla Salum, Tikva vi, Harha vi srɔ̃, Hulda nɔ Yerusalem ƒe du evelia me; eye woƒo nu kplii le afi ma.+ 15  Eye wògblɔ na wo be: “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi, ‘Migblɔ na ame si dɔ mi ɖe gbɔnye la be: 16  “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mehe vɔ̃ gbɔna teƒe sia kple emenɔlawo dzi, ɖe agbalẽ sia me nya siwo katã Yuda-fia xlẽ la nu.+ 17  Elabena wogblẽm ɖi, eye woyi ɖado dzudzɔ na mawu bubuwo+ ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo+ ado dziku nam, eya ta nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu, eye womatsii o.’”+ 18  Ke ale miagblɔ na Yuda-fia si dɔ mi ɖa be miabia gbe Yehowa lae nye esi, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nye esi: ‘Le nya siwo nèse ŋu la, 19  esi mèsẽ dzi me o, ke nèbɔbɔ ɖokuiwò+ le Yehowa ŋkume esime nèse nya si megblɔ ɖe teƒe sia kple emenɔlawo ŋu be woƒe nu awɔ moyaa na ame, eye woazu ɖiŋudonu, eye nèdze wò awuwo+ hefa avi le ŋkunyeme ta la, nye hã mesee,’ Yehowa ye gblɔe. 20  Eya ta matsɔ wò akpe ɖe tɔgbuiwòwo ŋu, woatsɔ wò amlɔ ɖiwòƒe le ŋutifafa me, eye wò ŋku makpɔ vɔ̃ siwo katã he ge mala ava teƒe sia dzi la o.’”’” Eye wotsɔ ŋuɖoɖoa vɛ na fia la.

Etenuŋɔŋlɔ