2 Kronika 1:1-17

  • Salomo bia nunya (1-12)

  • Salomo ƒe kesinɔnuwo (13-17)

1  Salomo, David vi la, ƒe fiaɖuƒe la li ke sesĩe, eye Yehowa eƒe Mawu la nɔ kplii hedo gãe ŋutɔ.+  Salomo dɔ woɖayɔ Israel blibo la vɛ, ame akpe kple ame alafa ƒe tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple Israel blibo la katã ƒe tatɔwo, tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu.  Eye Salomo kple ha blibo la yi togbɛ si le Gibeon+ la dzi; elabena afi mae Mawu vavã la ƒe takpegbadɔ, si Yehowa subɔla Mose wɔ le gbea dzi la le.  Ke David kɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la tso Kiriat-Yearim+ va teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ; elabena etu agbadɔ nɛ ɖe Yerusalem.+  Eye wokɔ akɔblivɔsamlekpui+ si Bezalel,+ Uri vi, ame si nye Hur vi, wɔ la va da ɖe Yehowa ƒe avɔgbadɔ la ŋgɔ; eye Salomo kple ha la doa gbe ɖa le egbɔ.*  Eye Salomo tsɔ lã akpe ɖeka sa numevɔ le afi ma le takpegbadɔ la ƒe akɔblivɔsamlekpui+ la dzi le Yehowa ŋkume.  Mawu ɖe eɖokui fia Salomo le zã ma me gblɔ nɛ be: “Bia nu si mana wò.”+  Salomo ɖo eŋu na Mawu be: “Ève fofonye David nu ŋutɔ,+ eye nètsɔm ɖo fia ɖe eteƒe.+  Eya ta Oo Yehowa Mawu, na ŋugbe si nèdo na fofonye David la nava eme,+ elabena ètsɔm ɖo fia ɖe dukɔ sia si me tɔwo sɔ gbɔ abe kekuiwo ene la nu.+ 10  Azɔ la, na nunya kple sidzedzem,+ ne matsɔ akplɔ dukɔ siae,* elabena ame kae ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?”+ 11  Eye Mawu gblɔ na Salomo be: “Esi wònye esiae nye wò dzimedidi, eye mèbia ho, kesinɔnuwo kple bubu alo wò futɔwo ƒe ku* o, eye mèbia agbe didi* hã o, ke boŋ nèbia nunya kple sidzedze be nàdrɔ̃ ʋɔnu nye dukɔ si dzi metsɔ wò ɖo fiae ɖo ta la,+ 12  woana nunya kple sidzedze wò; azɔ hã mana ho kple kesinɔnuwo kpakple bubu, si tɔgbi menɔ fia siwo do ŋgɔ na wò la dometɔ aɖeke si o, eye etɔgbi manɔ ame siwo ava ɖe yowòme la dometɔ aɖeke hã si o la wò.”+ 13  Eye Salomo gbɔ tso togbɛ si le Gibeon+ la dzi, tso takpegbadɔ la ŋgɔ va Yerusalem; eye wòɖu fia ɖe Israel dzi. 14  Eye Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔwo* nu ƒu; eƒe tasiaɖamwo le akpe ɖeka alafa ene kple sɔ* akpe wuieve,+ eye wòda wo ɖe tasiaɖamduwo+ me le teƒe si gogo fia la le Yerusalem.+ 15  Fia la na klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe kpe+ ene, eye wòna sederti sɔ gbɔ taŋtaŋ abe gboti siwo le Sefela*+ ene. 16  Wokplɔa sɔwo tso Egipte+ vanɛ na Salomo, eye fia la ƒe asihawo yina ɖaƒlea sɔawo* kple ga.+ 17  Tasiaɖam ɖe sia ɖe si tso Egipte la xɔa klosalo alafa ade, eye sɔ ɖeka xɔa klosalo alafa ɖeka blaatɔ̃; eye fia ƒe asitsalawo dzie Hititɔwo ƒe fiawo katã kple Siria-fiawo hã tona ƒlea wo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “biaa nu Mawu le afi ma.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne mate ŋu adze dukɔ sia ŋgɔ ado agagbɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkeke geɖe.”
Alo, “sɔdola.”
Alo, “sɔdolawo.”
Alo, “bali me.”
Agate ŋu afia, “tso Egipte kple Kue; fia la ƒe asihawo yina ɖaƒlea wo le Kue,” si anye Kilikia.