2 Kronika 11:1-23

  • Rehabeam ƒe dziɖuɖu (1-12)

  • Lewi vi wɔnuteƒewo ʋu yi Yuda (13-17)

  • Rehabeam ƒe ƒome (18-23)

11  Esi Rehabeam va ɖo Yerusalem la, enumake eƒo Yuda ƒe aƒe kple Benyamin-to+ la nu ƒu, wole aʋawɔla bibi* akpe alafa ɖeka blaenyi, be woawɔ aʋa kple Israel, ne woagbugbɔ fiaɖuƒe la ana Rehabeam.+  Eye Yehowa ƒe gbe va na Mawu vavã la ƒe ame Semaya+ be:  “Gblɔ na Rehabeam, Salomo vi, si nye Yuda-fia kple Israel-vi siwo katã le Yuda kple Benyamin be,  ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi aƒe me, elabena gbɔnye wòtso be nu sia dzɔ.”’”+ Eya ta wowɔ ɖe Yehowa ƒe nya la dzi, eye womegaxa ho ɖe Yeroboam ŋu o.  Rehabeam nɔ Yerusalem, eye wòtso du sesẽwo ɖe Yuda.  Ekeke* Betlehem,+ Etam, Tekoa,+  Bet-Zur, Soko,+ Adulam,+  Gat,+ Maresa, Zif,+  Adorayim, Lakis,+ Azeka,+ 10  Zora, Aiyalon+ kple Hebron,+ siwo nye du sesẽwo le Yuda kple Benyamin la ɖe nu. 11  Azɔ egado ŋusẽ du sesẽwo geɖe wu, eɖo amegãwo ɖe wo me, eye wòdzra nuɖuɖu, ami kple wain ɖo ɖe wo me, 12  eda akpoxɔnu gãwo kple akplɔwo ɖe du vovovoawo katã me; eye wòna ŋusẽ gaɖo wo ŋu geɖe ŋutɔ. Eye Yuda kple Benyamin kpɔtɔ nɔ esi me. 13  Nunɔlawo kple Lewi vi siwo le Israel blibo la tso woƒe nutoawo katã me va egbɔ. 14  Lewi viwo gblẽ woƒe lãnyiƒewo kple woƒe anyigbawo ɖi+ heva Yuda kple Yerusalem, elabena Yeroboam kple viawo xɔ dɔ le wo si be woaganye nunɔlawo na Yehowa o.+ 15  Eye Yeroboam ɖo eya ŋutɔ ƒe nunɔlawo nuxeƒeawo+ kple gbɔgbɔ vɔ̃ siwo ɖi gbɔ̃wo*+ kple nyivi siwo wòwɔ la nu.+ 16  Eye ame siwo tsɔ woƒe dzi ɖo Yehowa, Israel ƒe Mawu la, didi ŋu la tso Israel-toawo katã me dze wo yome va Yerusalem be woasa vɔ na Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la.+ 17  Wodo ŋusẽ Yuda-fiaɖuƒe la ƒe etɔ̃, eye wonɔ megbe na Salomo vi Rehabeam, elabena woto David kple Salomo ƒe ʋe me ƒe etɔ̃. 18  Rehabeam ɖe Mahalat, si nye Yerimot, David viŋutsu ƒe vinyɔnu, dadae nye Abihayil, si nye Isai vi Eliab,+ ƒe vinyɔnu. 19  Edzi ŋutsuviwo nɛ, woawoe nye: Yeus, Semariya kple Zaham. 20  Eyome la, eɖe Maaka, si nye Absalom+ tɔgbuiyɔvi. Eye wòdzi Abiya,+ Atai, Ziza kple Selomit nɛ. 21  Ke Rehabeam lɔ̃ Absalom tɔgbuiyɔvi Maaka wu srɔ̃a mamlɛawo kple eƒe ahiãwo+ katã; eɖe srɔ̃ wuienyi, eye ahiã blaade nɔ esi, eye wodzi ŋutsuvi blaeve vɔ enyi kple nyɔnuvi blaade nɛ. 22  Eya ta Rehabeam tsɔ Maaka vi Abiya ɖo tatɔe ɖe nɔviawo nu, elabena edi be wòazu fia ɖe ye yome. 23  Gake edze aɖaŋu hema viaŋutsuwo dometɔ aɖewo ɖe Yuda kple Benyamin ƒe anyigbawo katã dzi, ɖe du sesẽawo katã me,+ ena nunɔamesi wo fũu, eye wòɖe srɔ̃ geɖe na wo.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “tiatia.”
Alo, “Egbugbɔ tso.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kple gbɔ̃wo.”