2 Kronika 12:1-16

  • Sisak dze Yerusalem dzi (1-12)

  • Rehabeam ƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu (13-16)

12  Esi Rehabeam ƒe fiaɖuɖu la nya li ke,+ eye ŋusẽ ɖo eŋu teti ko la, eya kple Israel blibo si le eŋu la gblẽ Yehowa ƒe Se la ɖi.+  Le Fia Rehabeam ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte-fia Sisak+ ho ɖe Yerusalem ŋu, elabena womewɔ nuteƒe na Yehowa o.  Etsɔ tasiaɖam akpe ɖeka alafa eve, sɔdola akpe blaade, kple aʋakɔ si mele xexlẽ me o la tso Egipte vɛ, wonye Libiatɔwo, Sukitɔwo kple Etiopiatɔwo.+  Exɔ Yuda du sesẽwo, eye mlɔeba wòva ɖo Yerusalem.  Nyagblɔɖila Semaya+ va Rehabeam kple Yuda-megã siwo ƒo ƒu ɖe Yerusalem le vɔvɔ̃ na Sisak ta la gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Miegblẽm ɖi, eya ta nye hã metsɔ mi de asi+ na Sisak.’”  Eye Israel-megãwo kple fia la bɔbɔ wo ɖokui,+ gblɔ be: “Yehowa tɔ dzɔ.”  Esi Yehowa kpɔ be wobɔbɔ wo ɖokui la, Yehowa ƒe gbe va na Semaya be: “Wobɔbɔ wo ɖokui. Nyematsrɔ̃ wo o,+ eye esusɔ vie ko maxɔ na wo. Nye dɔmedzoe mato Sisak dzi ava Yerusalem dzi o.  Gake woazu eƒe subɔviwo, ne woanya vovototo si le nye subɔsubɔ kple anyigbadzifiawo* subɔsubɔ dome.”  Eya ta Egipte-fia Sisak ho ɖe Yerusalem ŋu. Elɔ Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kple fia ƒe aƒe*+ la me kesinɔnuwo dzoe. Elɔ nu sia nu dzoe hekpe ɖe sikakpoxɔnu siwo Salomo wɔ la ŋu.+ 10  Eya ta Fia Rehabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe, eye wòtsɔ wo de dzɔlawo* ƒe tatɔ si dzɔa fia ƒe aƒe la ƒe agbo nu ƒe dzikpɔkpɔ te. 11  Ɣesiaɣi si fia la yi Yehowa ƒe aƒe la me la, dzɔlawo va tsɔa wo, emegbe wogbugbɔa wo va dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ la me. 12  Esi fia la bɔbɔ eɖokui ta la, dziku si Yehowa do ɖe eŋu la nu fa,+ eye metsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ o.+ Azɔ hã, wokpɔ nyuiwɔwɔ le Yudatɔ aɖewo ŋu.+ 13  Fia Rehabeam li ke eɖokui le Yerusalem, eye wòɖu fia; Rehabeam xɔ ƒe blaene vɔ ɖekɛ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, si nye du si Yehowa tia le Israel-toawo katã me be yeatsɔ yeƒe ŋkɔ aɖo afi ma. Fia la dada ŋkɔe nye Naama, eye wònye Amoni-nyɔnu.+ 14  Ewɔ nu si nye vɔ̃, elabena meɖoe tso dzi me be yeadi Yehowa o.+ 15  Ke Rehabeam ŋutinyawo, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Semaya+ kple ŋutegakpɔla Ido+ ƒe ŋutinyawo me, le dzidzimenuŋlɔɖiawo me. Aʋa nɔ Rehabeam kple Yeroboam dome ɣeawokatãɣi.+ 16  Eye wotsɔ Rehabeam mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe David Ƒe Du la me;+ eye via Abiya+ zu fia ɖe eteƒe.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “anyigbadzifiaɖuƒewo.”
Alo, “fiasã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “duƒulawo.”