2 Kronika 14:1-15

  • Abiya ƒe ku (1)

  • Yuda-fia Asa (2-8)

  • Asa ɖu Etiopiatɔ 1,000,000 dzi (9-15)

14  Wotsɔ Abiya mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe David Ƒe Du+ la me; eye via Asa zu fia ɖe eteƒe. Le eƒe ŋkekeawo me la, anyigba la kpɔ gbɔdzɔe ƒe ewo sɔŋ.  Asa wɔ nu si nyo hele dzɔdzɔe le Yehowa eƒe Mawu ŋkume.  Eɖe vɔsamlekpui+ tutɔwo kple nuxeƒewo ɖa, egbã trɔ̃sɔtiwo,+ eye wòlã Asera-tiwo.+  Egblɔ na Yuda be woadi Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye woawɔ Se la kple mɔfiamewo dzi.  Eya ta eɖe nuxeƒewo kple nu siwo dzi wodoa dzudzɔ ɖo+ la ɖa le Yuda duwo katã me, eye fiaɖuƒe la kpɔ gbɔdzɔe le ete.  Etso du sesẽwo ɖe Yuda,+ elabena anyigba la kpɔ tomefafa, eye womeho aʋa aɖeke ɖe eŋu le ƒe siawo me o, elabena Yehowa na wòkpɔ gbɔdzɔe.+  Egblɔ na Yuda be: “Mina míatso du siawo, eye míaɖo gli aƒo xlã wo, míatu xɔ tsralawo,+ eye míade agbowo* kple gametiwo wo nu. Anyigba la ŋu vo na mí, elabena míedi Yehowa mía Mawu la. Míedii, eye wòna gbɔdzɔe mí godoo va kpe.” Ale wotso duawo, eye wowɔe de goe.+  Aʋakɔ si me tɔwo ade akpe alafa etɔ̃ ye le Asa si siwo tso Yuda, siwo kplaa akpoxɔnu gãwo kple akplɔwo. Eye aʋakalẽtɔ akpe alafa eve blaenyi, siwo kplaa akpoxɔnu sue kple dati la,*+ tso Benyamin.  Emegbe Zera, Etiopiatɔ la tsɔ aʋakɔ si me tɔwo le ŋutsu miliɔn ɖeka kple tasiaɖam alafa etɔ̃ ho ɖe wo ŋu.+ Esi wòva ɖo Maresa+ la, 10  Asa ho yi ɖakpee, eye wodze aʋa ɖe Zefata Bali me le Maresa. 11  Eye Asa yɔ Yehowa eƒe Mawu+ la gblɔ be: “Oo Yehowa, metsɔ le eme be ame siwo ŋu nèkpena ɖo la sɔ gbɔ alo le beli o.+ Yehowa mía Mawu, kpe ɖe mía ŋu, elabena ŋuwò míeɖo ŋu ɖo,*+ eye wò ŋkɔ mee míeho ɖe ameha sia ŋu le.+ Oo Yehowa, wòe nye mía Mawu. Mègana amegbetɔ si kuna nanɔ te ɖe nuwò o.”+ 12  Ale Yehowa ɖu Etiopiatɔwo dzi le Asa kple Yuda ŋutsuwo ŋgɔ, eye Etiopiatɔwo si.+ 13  Eye Asa kple aʋakɔ si le eŋu la ti wo yome va ɖo keke Gerar+ ke, eye wonɔ Etiopiatɔwo wum va se ɖe esime wo dometɔ aɖeke metsi agbe o, elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo gbidigbidi. Eyome wolɔ aboyonu gbogbo aɖewo ŋutɔ gbɔe. 14  Gawu la, wosi du siwo katã ƒo xlã Gerar, elabena Yehowa ƒe ŋɔdzi lé wo; eye woha woƒe duwo katã, elabena nu geɖe le wo me. 15  Wodze lãnyilawo ƒe agbadɔwo hã dzi, eye wolé alẽ kple kposɔ gbogbo aɖewo hegbugbɔ va Yerusalem.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔtru agaveewo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wovua da me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “míeziɔ ɖo.”