2 Kronika 23:1-21

  • Yehoyada ɖe afɔ si sɔ; woɖo Yehoas fia (1-11)

  • Wowu Ataliya (12-15)

  • Yehoyada ƒe ɖɔɖɔɖodɔwo (16-21)

23  Le ƒe adrelia me la, Yehoyada wɔ nu dzinɔameƒotɔe, eye wòbla nu kple ame alafa ƒe tatɔ+ siwo nye Azariya, Yeroham vi, Ismael, Yehohanan vi, Azariya, Obed vi, Maaseya, Adaya vi, kple Elisafat, Zikri vi.  Emegbe wotsa le Yuda, eye woƒo Lewi viwo+ nu ƒu tso Yuda duwo katã me hekpe ɖe Israel ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔawo nu la ŋu. Esi wova Yerusalem la,  ha blibo la katã bla nu+ kple fia la le Mawu vavã la ƒe aƒe la me; emegbe Yehoyada gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Fia vie aɖu fia, abe ale si Yehowa do ŋugbe le David viŋutsuwo ŋu ene.+  Nu si miawɔe nye esi: Mima nunɔlawo kple Lewi vi siwo vaa dɔme le Sabat dzi la ɖe akpa etɔ̃ me.+ Akpa ɖeka nanye agbonudzɔlawo;+  akpa ɖeka nanɔ fia ƒe aƒe* la me;+ eye akpa ɖeka nanɔ Gɔmeɖokpegbo la nu; eye dukɔ blibo la katã nanɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo.+  Migaɖe mɔ ame aɖeke nage ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o, negbe nunɔlawo kple Lewi vi siwo le subɔsubɔm la ko.+ Ame siawoe age ɖe eme, elabena ƒuƒoƒo kɔkɔe wonye, eye dukɔ blibo la katã nawɔ nu si Yehowa ɖo na wo.  Lewi viwo naƒo xlã fia la godoo, eye ame sia ame ƒe aʋawɔnuwo nanɔ esi. Ame sia ame si age ɖe aƒea me la, woawui. Eye minɔ fia la ŋu le afi sia afi si wòayi.”*  Eye Lewi viwo kple Yuda blibo la katã wɔ abe ale si tututu nunɔla Yehoyada de se ene. Eya ta wo dometɔ ɖe sia ɖe kplɔ eƒe ame siwo va le Sabat dzi kple ame siwo adzo le Sabat+ dzi la siaa, elabena nunɔla Yehoyada meɖe asi le hatsotso+ siwo va dɔa me la ŋu o.  Eye nunɔla Yehoyada tsɔ Fia David+ ƒe akplɔwo kple akpoxɔnuwo kpakple akpoxɔnu kotoowo, siwo nɔ Mawu vavã la ƒe aƒe+ la me la, na ame alafa ƒe tatɔwo.+ 10  Eye wòɖo dukɔ blibo la katã, ame sia ame ƒe aʋawɔnuwo le esi, wole aƒe la ƒe ɖusime va se ɖe aƒe la ƒe miame, kple vɔsamlekpui la gbɔ kpakple aƒe la ŋu, woƒo xlã fia la godoo va kpe. 11  Azɔ wokplɔ fia vi+ la do goe heɖɔ fiakuku la nɛ eye wotsɔ Ðaseɖiɖi*+ la ɖo ta nɛ,* eye woɖoe fiae; ale Yehoyada kple viaŋutsuwo si ami nɛ hegblɔ be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”+ 12  Esi Ataliya se hoowɔwɔ kple amewo ƒe duƒuƒu kpakple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eva dukɔ la gbɔ le Yehowa ƒe aƒe la me enumake.+ 13  Eye wòkpɔ fia la le tsitre ɖe eƒe sɔti la gbɔ le mɔa nu. Amegãwo+ kple kpẽkulawo le fia la gbɔ, eye dukɔ blibo la le aseye tsom+ hele kpẽawo kum eye hadzila siwo si haƒonuwo le la xɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzim. Enumake Ataliya dze eƒe awuwo hedo ɣli be: “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!” 14  Ke Yehoyada dɔ ame alafa ƒe tatɔ siwo le aʋakɔ la nu gblɔ na wo be: “Mikplɔe do go le ameawo dome, eye ame sia ame si adze eyome la, mida yii ƒu anyi!” Elabena nunɔla la gblɔ be: “Migawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o.” 15  Eya ta wolée, eye esi wova ɖo Sɔgbo si le fia ƒe aƒe* la me nu la, wowui ɖe afi ma. 16  Eye Yehoyada ŋutɔ bla nu kple dukɔ la kpakple fia la, be yewoayi edzi anye Yehowa ƒe dukɔ.+ 17  Emegbe dukɔ blibo la va Baal ƒe me,* eye wogbãe;+ eye wogbã eƒe vɔsamlekpuiwo kple eƒe legbawo,+ eye wowu Baal ƒe nunɔla Matan+ ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. 18  Azɔ hã, Yehoyada tsɔ Yehowa ƒe aƒe la me dɔwo dzikpɔkpɔ de asi na nunɔlawo kple Lewi viwo, ame siwo David ɖo ɖe hatsotsowo me ɖe Yehowa ƒe aƒe la nu, ne woatsɔ dzidzɔ kple hadzidzi asa numevɔwo na Yehowa+ le David ƒe ɖoɖo la nu abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Se+ la me ene. 19  Azɔ hã, eɖo agbonudzɔlawo+ Yehowa ƒe aƒe la ƒe agboawo nu, ne ame makɔmakɔ aɖeke nagage ɖe eme o. 20  Azɔ eɖe ame alafa ƒe tatɔwo+ kple bubumewo kple dukɔ la ƒe dziɖulawo kpakple dukɔ la me tɔwo katã kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe aƒe la me vɛ. Woto dzigbegbo la nu va fia ƒe aƒe* la me, eye wotsɔ fia la ɖo fiaɖuƒea+ ƒe fiazikpui+ dzi. 21  Eye dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ; du la me fa, elabena wowu Ataliya kple yi.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fiasã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne edo go alo gbɔ.”
Alo, “eye wotsɔ Se la nɛ.”
Ate ŋu anye agbalẽ xatsaxatsa si me woŋlɔ Mawu ƒe Sewo ɖo.
alo, “fiasã.”
Alo, “trɔ̃xɔ me.”
Alo, “fiasã.”