2 Kronika 27:1-9

  • Yuda-fia Yotam (1-9)

27  Yotam+ xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Yerusa, eye wònye Zadok+ vinyɔnu.  Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa Uziya wɔ ene,+ ɖeko eya mege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me madzemadzee o.+ Ke hã dukɔ la ganɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dzi kokoko.  Eɖe dzigbegbo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu,+ eye wòtu xɔ geɖe ɖe Ofel+ gli la dzi.  Etso duwo+ ɖe Yuda tonuto la me,+ eye wòtu mɔ́wo+ kple xɔ tsralawo+ ɖe avewo me.  Ewɔ aʋa kple Amonitɔwo+ ƒe fia, eye wòɖu wo dzi, ale be Amonitɔwo tsɔ klosalo talento* alafa ɖeka kple lu kɔr* akpe ewo kple ƒo kɔr akpe ewo nɛ le ƒe ma me. Amonitɔwo xe adzɔ sia ke nɛ, le ƒe evelia kple etɔ̃lia hã me.+  Eya ta Yotam nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi, elabena ezɔ nyuie le Yehowa eƒe Mawu la ŋkume.  Ke Yotam ŋutinya susɔeawo kple eƒe aʋawo katã kpakple eƒe nuwɔnawo la, woŋlɔ wo ɖe Israel Kple Yuda Fiawo Ƒe Agbalẽ me.+  Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem.+  Eye wotsɔ Yotam mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe David Ƒe Du la me.+ Eye via Ahaz zu fia ɖe eteƒe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.
Kɔr ɖeka le lita 220. Kpɔ Megbenyawo B14.