2 Kronika 31:1-21

  • Hizkiya ɖe xɔsegbegbe ɖa (1)

  • Wodo alɔ nunɔlawo kple Lewi viwo nyuie (2-21)

31  Esi wowu nu siawo katã nu vɔ la, Israel-vi siwo katã nɔ afi ma la ho yi Yuda duwo me, eye wogbã trɔ̃sɔtiwo,+ womu Asera-tiwo,*+ wokaka nuxeƒewo+ kple vɔsamlekpuiawo+ le Yuda blibo la katã kple Benyamin kple Efrayim kpakple Manase+ va se ɖe esime wogblẽ wo keŋkeŋ, emegbe Israel-viwo katã trɔ yi woƒe duwo me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.  Azɔ Hizkiya ɖo nunɔlawo kple Lewi viwo ƒe hawo+ ɖe woƒe hatsotsowo+ me, eɖo nunɔlawo kple Lewi viwo ƒe hatsotso ɖe sia ɖe eƒe dɔ nu+ ɖe numevɔsa kple ŋutifafavɔsawo ŋu, ne woasubɔ, ada akpe na Mawu eye woakafui le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnua ƒe agbo vovovoawo nu.+  Fia la tsɔ eƒe nuwo ƒe akpa aɖe hã na ɖe numevɔsawo+ ŋu, hena numevɔsa le ŋdi kple fiẽ,+ numevɔsa le Sabatwo+ kple dzinu yeyewo+ dzi kpakple azãɖuɣiwo,+ abe ale si woŋlɔe ɖe Yehowa ƒe Se la me ene.  Eye wògblɔ na ameha si le Yerusalem be woatsɔ nunɔlawo kple Lewi viwo+ ƒe gome na wo, ne woalé Yehowa ƒe se la me ɖe asi.*  Esi sedede sia ɖo amewo ƒe to me ko la, Israel-viwo na nuku gbãtɔwo, wain yeye, ami,+ anyitsi kple agblemenuwo+ kpaŋkpaŋ; wotsɔ nu sia nu ƒe akpa ewolia vɛ le agbɔsɔsɔ me.+  Eye Israel kple Yuda vi siwo le Yuda duwo me la hã tsɔ nyiwo kple alẽwo ƒe ewoliawo kpakple nu kɔkɔewo, siwo nye nu siwo ŋu wokɔ na Yehowa woƒe Mawu la, ƒe ewoliawo+ vɛ. Wotsɔ wo vɛ, eye woli kɔ nu siawo ɖi fũu.  Wonɔ kɔ lim nukuawo tso ɣleti etɔ̃lia+ me; eye wowu enu le ɣleti adrelia+ me.  Esi Hizkiya kple amegãwo va kpɔ nu siwo woli kɔe ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe dukɔ Israel.  Hizkiya bia nya nunɔlawo kple Lewi viwo tso nu siwo woli kɔe ɖi ŋu, 10  eye nunɔlawo ƒe tatɔ Azariya, si tso Zadok ƒe me, ɖo eŋu nɛ be: “Tso esime wode asi nudzɔdzɔwo tsɔtsɔ va Yehowa ƒe aƒea me me la,+ woɖua nu ɖia ƒo, eye gbogbo aɖe susɔna, elabena Yehowa yra eƒe dukɔ la, eye nu gbogbo sia kpɔtɔ.”+ 11  Eye Hizkiya gblɔ na wo be woawɔ nudzraɖoƒewo*+ ɖe Yehowa ƒe aƒe la me. Eya ta wowɔ wo. 12  Eye wotsɔa nudzɔdzɔwo kple nu ewoliawo+ kpakple nu kɔkɔeawo vanɛ nuteƒewɔwɔtɔe; eye wotsɔ Konaniya si nye Lewi vi ɖo wo nu, eye nɔvia Simei nye eƒe kpeɖeŋutɔ. 13  Eye Yehiel, Azaziya, Nahat, Asahel, Yerimot, Yozabad, Eliel, Yismakiya, Mahat kple Benaya nye dzikpɔlawo le Konaniya kple nɔvia Simei ŋu, le Fia Hizkiya ƒe sedede nu, eye Azariya nye Mawu vavã ƒe aƒe la dzi kpɔla. 14  Eye woɖo Kore, Yimna vi, ame si nye Lewi vi si nye agbonudzɔla le ɣedzeƒekpa dzi+ la be wòakpɔ nu siwo amewo naa Mawu vavã la faa la dzi,+ eye wòama nu siwo wodzɔ na Yehowa+ kple nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo.+ 15  Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amariya kple Sekaniya le eƒe kpɔkplɔ te le nunɔlawo ƒe duwo me,+ le ɖoƒe tɔxɛ si woka ɖe wo dzi da wo ɖo la, ne woama nuwo na wo nɔviwo le woƒe hatsotsowo+ me, na ame ŋkutawo kple ame tsɛwo siaa sɔsɔe; 16  hekpe ɖe nu siwo woma na woƒe ŋutsuvi siwo xɔ ƒe etɔ̃ kple edzivɔ, siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimenuŋlɔɖiawo me la ŋu, ame siwo katã vana Yehowa ƒe aƒe la me gbe sia gbe hena subɔsubɔdɔ si le wo dzi le woƒe hatsotsowo nu la wɔwɔ. 17  Woŋlɔ nunɔlawo ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimenuŋlɔɖiawo me le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu+ abe ale si woŋlɔ Lewi vi siwo xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ƒe ŋkɔwo+ le woƒe hatsotsowo+ ƒe dɔdeasiwo nu ene. 18  Woŋlɔ wo vi suewo, wo srɔ̃wo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, woƒe ha blibo la katã, hã ƒe ŋkɔ ɖe dzidzimenuŋlɔɖiawo me—elabena wokɔ wo ɖokuiwo ŋu na dɔ kɔkɔe wɔwɔ le ɖoƒe tɔxɛ si woka ɖe wo dzi da wo ɖo la— 19  hekpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye nunɔla siwo le lãwo ƒe gbeɖuƒe siwo le woƒe duwo ŋu la ŋuti.+ Ŋutsuwo nɔ duawo katã me, siwo wotia le woƒe ŋkɔwo nu, ne woana ŋutsu sia ŋutsu si le nunɔlawo dome kple Lewi vi ɖe sia ɖe si ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimenuŋlɔɖiawo me la, ƒe gome wo. 20  Aleae Hizkiya wɔ le Yuda blibo la katã, eye wòyi edzi wɔ nu si nyo, nu si le dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe le Yehowa eƒe Mawu la ŋkume. 21  Eye dɔ sia dɔ si gɔme wòdze be yeatsɔ adi eƒe Mawu, eɖanye le Mawu vavã la ƒe aƒe la+ alo Se la kple ɖoɖo la gome o, ewɔe kple eƒe dzi blibo, eye wòdze edzi nɛ.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ne woatsɔ wo ɖokui ana bliboe.”
Alo, “nuɖuxɔwo.”