2 Kronika 36:1-23

  • Yuda-fia Yehoahaz (1-3)

  • Yuda-fia Yehoyakim (4-8)

  • Yuda-fia Yehoyakin (9, 10)

  • Yuda-fia Zedekiya (11-14)

  • Yerusalem tsɔtsrɔ̃ (15-21)

  • Kores de se be woagbugbɔ gbedoxɔa atu (22, 23)

36  Ale dukɔ la tsɔ Yehoahaz,+ Yosiya vi, ɖo fiae ɖe fofoa teƒe le Yerusalem.+  Yehoahaz xɔ ƒe blaeve vɔ etɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ le Yerusalem.  Ke Egipte-fia ɖee le zi dzi le Yerusalem, eye wòdo fe na dukɔa be woaxe klosalo talento* alafa ɖeka kple sika talento ɖeka.+  Eye Egipte-fia tsɔ Yehoahaz nɔvi Eliyakim ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Yehoyakim; ke Neko+ kplɔ nɔvia Yehoahaz ya yi Egipte.+  Yehoyakim+ xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa eƒe Mawu ŋkume.+  Ale Babilon-fia Nebukadnezar+ ho ɖe eŋu be yeade akɔblikunyowu evee akplɔe ayi Babilon.+  Nebukadnezar lɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuawo dometɔ aɖewo yi Babilon, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe fiasã me le Babilon.+  Ke Yehoyakim ŋutinya susɔeawo, ŋunyɔnu siwo wòwɔ, kple nu vɔ̃ɖi si wokpɔ le eŋu la, woŋlɔ wo ɖe Israel Kple Yuda Fiawo Ƒe Agbalẽ me; eye via Yehoyakin zu fia ɖe eteƒe.+  Yehoyakin+ xɔ ƒe wuienyi esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem; eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.+ 10  Esi ƒe trɔ* la, Fia Nebukadnezar dɔ woɖakplɔe, eye wolɔ Yehowa ƒe aƒe+ la me nu xɔasiwo kpe ɖe eŋu yi Babilon.+ Eye wòtsɔ fofoa nɔvi Zedekiya ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.+ 11  Zedekiya+ xɔ ƒe blaeve vɔ ɖekɛ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem.+ 12  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa eƒe Mawu ŋkume. Mebɔbɔ eɖokui na nyagblɔɖila Yeremiya,+ ame si gblɔ Yehowa ƒe gbedeasi nɛ la o. 13  Edze aglã ɖe Fia Nebukadnezar,+ ame si na wòka atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la ŋu, eye wòtri to* hesẽ dzi me hegbe tɔtrɔ ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu. 14  Nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple dukɔ la ƒe nuteƒemawɔmawɔ gbɔ eme, wowɔ dukɔwo ƒe ŋunyɔnuwo katã, eye wogblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe aƒe+ si ŋu wòkɔ le Yerusalem la. 15  Ke wo tɔgbuiwo ƒe Mawu Yehowa dɔa eƒe dɔlawo woxlɔ̃a nu wo enuenu, elabena eƒe dɔme trɔ ɖe eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la ŋu. 16  Gake woɖea alɔme le Mawu vavã la ƒe dɔlawo ŋu,+ wodoa vlo eƒe nyawo,+ eye woɖua fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu,+ va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu,+ va se ɖe esime gbedada aɖeke megale wo ŋu o. 17  Eya ta Mawu kplɔ Kaldea-fia+ va ƒu wo, eye wòtsɔ yi wu woƒe ɖekakpuiwo+ le woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe la me;+ eye mekpɔ nublanui na ɖekakpui alo ɖetugbui, ame tsitsi alo ame si ŋu wɔna vɔ le o.+ Etsɔ nu sia nu de asi nɛ.+ 18  Elɔ Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋu dɔwɔnuawo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia la kple eƒe amegãwo ƒe kesinɔnuwo katã yi Babilon.+ 19  Etɔ dzo Mawu vavã la ƒe aƒe la,+ eye wògbã Yerusalem+ ƒe gli la ƒu anyi; etɔ dzo eme mɔ́ sesẽwo katã, eye wògblẽ eƒe nu nyuiwo katã dome.+ 20  Eɖe aboyo ame siwo susɔ, siwo metsi yi nu o la hã yi Babilon,+ eye wova zu eya kple viaŋutsuwo ƒe subɔviwo+ va se ɖe esime Persia fiaɖuƒea va te dziɖuɖu,+ 21  ne Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yeremiya dzi la nava eme,+ va se ɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe eme le eƒe sabat siwo tsi eŋu la nu.+ Ŋkeke siwo katã wòzu aƒedo la, anyigba la gbɔ ɖe eme,* ne ƒe blaadre nu nava yi.+ 22  Le Persia-fia Kores+ ƒe ƒe gbãtɔ me, be Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yeremiya+ nu nava eme la, Yehowa nyɔ Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, wòɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ me+ hã be: 23  “Ale Persia-fia Kores gblɔe nye esi, ‘Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu la, tsɔ anyigbadzifiaɖuƒewo katã nam,+ eye wòde dɔ asi nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem, le Yuda.+ Eƒe dukɔ la me tɔ ɖe sia ɖe si le mia dome la, mina wòayi, Yehowa, eƒe Mawu nenɔ kplii.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.
Anye, le adame.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòlia kɔ.”
Alo, “anyigba la ɖu sabat.”