2 Kronika 5:1-14

  • Dzadzraɖo ɖe gbedoxɔa ŋu kɔkɔ ŋu (1-14)

    • Wokɔ Aɖaka la va gbedoxɔa me (2-10)

5  Ale Salomo wu dɔ siwo katã wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe xɔ la ŋu nu.+ Eye Salomo tsɔ nu siwo ŋu fofoa David kɔ la va da ɖe eme;+ etsɔ klosalo kple sika kpakple nu bubuawo katã da ɖe Mawu vavã la ƒe xɔ la ƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+  Ɣemaɣi la, Salomo ƒo Israel ƒe ametsitsiwo, toawo ƒe tatɔwo katã, Israel-viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu la nu ƒu. Wova Yerusalem ne woayi aɖakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso David Ƒe Du+ si woyɔna be Zion+ la me vɛ.  Ale Israel ŋutsuwo katã ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le ŋkekenyui* la dzi le ɣleti adrelia me.+  Eya ta Israel ƒe ametsitsiwo katã va, eye Lewi viwo kɔ Aɖaka+ la.  Wokɔ Aɖaka la kple takpegbadɔ+ la kpakple nu kɔkɔe siwo katã le agbadɔ la me vɛ. Nunɔlawo kple Lewi viwoe kɔ wo vɛ.  Fia Salomo kple Israel ƒe ha blibo si woyɔ wova kpe ta ɖe egbɔ la tɔ ɖe Aɖaka la ŋgɔ. Wotsɔ alẽ kple nyi gbogbo, siwo womate ŋu abu alo axlẽ o la, sa vɔe.+  Ale nunɔlawo kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe, le xɔ la ƒe xɔ ememetɔ me, si nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la me le kerubiawo ƒe aʋalawo te.+  Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe Aɖaka la nɔƒe, ale be kerubiawo tsyɔ Aɖaka la kple eŋu kpoawo+ dzi le dzi gome.  Kpoawo didi, ale be woate ŋu akpɔ kpoawo ƒe nugbɔ tso Kɔkɔeƒe si le xɔ ememetɔ ŋgɔ la me, gake womate ŋu akpɔ wo tso gota o, eye wole afi ma va se ɖe egbe sia. 10  Naneke mele Aɖaka la me o, negbe kpe gbadzɛ eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb,+ esi Yehowa bla nu+ kple Israel-viwo esime wotso Egipte gbɔna+ la ko. 11  Esi nunɔlawo do le kɔkɔeƒea (elabena nunɔla siwo katã nɔ afi ma la kɔ wo ɖokuiwo ŋu,+ eɖanye hatsotso+ ka ke me tɔe wonye o) la, 12  Lewi vi siwo nye hadzilawo,+ Asaf,+ Heman,+ Yedutun+ kple wo viŋutsuwo kpakple wo nɔviwo katã, do avɔ biɖibiɖi wu, eye wolé gakogoewo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖe asi la, tɔ ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka blaeve tɔ ɖe wo xa le kpẽwo+ kum. 13  Esi kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa heda akpe nɛ zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ƒe gbe de dzi eye wokafu Yehowa be, “elabena eya amea nyo; eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee”+ ko la, alilikpo yɔ Yehowa ƒe xɔ la taŋ.+ 14  Eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te be woasubɔ o le alilikpo la ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu vavã ƒe xɔ la taŋ.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, Agbadɔŋkekenyui.