2 Kronika 9:1-31

  • Seba-fianyɔnu va Salomo gbɔ (1-12)

  • Salomo ƒe kesinɔnuwo (13-28)

  • Salomo ku (29-31)

9  Esi Seba-fianyɔnu+ se Salomo ŋkɔ la, eva Yerusalem be yeadoe kpɔ kple biabia* sesẽwo. Eva kple eŋume geɖewo kple kposɔ siwo tsɔ balsam-mi kple sika+ gbogbo aɖe kpakple kpe xɔasiwo; eva Salomo gbɔ hegblɔ nya siwo katã le eƒe dzi me la nɛ.+  Salomo ɖo eƒe nyawo katã ŋu nɛ. Nya aɖeke meli si me Salomo mete ŋu ɖe nɛ o.  Esi Seba-fianyɔnu la kpɔ Salomo ƒe nunya+ kple xɔ si wòtu,+  nuɖuɖu si le eƒe kplɔ̃ dzi,+ eŋumewo ƒe anyinɔnɔ, ale si eƒe kplɔ̃ŋusubɔlawo subɔnae kple woƒe awuwo, eƒe ahakulawo kple woƒe awuwo kple eƒe numevɔ siwo wòsana edziedzi le Yehowa ƒe aƒe+ la me la, gbɔgblɔ bu ɖee.  Eye wògblɔ na fia la be: “Nya siwo mese le nye anyigba dzi le nu siwo nèwɔ* kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe.  Gake nyemexɔ wo dzi se o, va se ɖe esime nye ŋutɔ meva kpɔe kple nye ŋkuwo.+ Ke kpɔ ɖa, womegblɔ wò nunya gã la ƒe afã gɔ̃ hã nam o!+ ȃo nya si mese le ŋuwò la ta sãsãsã.+  Dzidzɔtɔwoe nye wò amewo, eye dzidzɔtɔwoe nye wò subɔvi siwo le tsitre ɖe ŋkuwòme ɖaa hesea wò nunya!  Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si ŋu wò nu nyo, eye wòtsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi nènye fia na Yehowa wò Mawu. Elabena esi wò Mawu lɔ̃ Israel,+ eye wòdi be yeana wòanɔ anyi tegbee tae wòɖo wò fiae be nàdrɔ̃ ʋɔnu ahatso afia le dzɔdzɔenyenye me.”  Eye wòtsɔ sika+ talento* alafa ɖeka blaeve, balsam-mi gbogbo aɖe ŋutɔ kple kpe xɔasiwo na fia la. Womegatsɔ balsam-mi ma, si Seba-fianyɔnua na Fia Salomo la, tɔgbi vɛ kpɔ o.+ 10  Azɔ Hiram ƒe subɔviwo kple Salomo ƒe subɔvi siwo tsɔ sika tso Ofir+ vɛ la, tsɔ papawutiwo kple kpe xɔasiwo hã vɛ.+ 11  Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ atrakpuiawo ɖe Yehowa ƒe xɔ+ kple fia ƒe xɔ*+ la ŋu, eye wòtsɔ wo wɔ saŋkuwo kple kasaŋkuwo na hadzilawo.+ Eye womekpɔ wo tɔgbi le Yuda-nyigba dzi kpɔ o. 12  Fia Salomo hã tsɔ nu sia nu si Seba-fianyɔnu la di kple nu siwo katã wòbiae la nɛ, wòsɔ gbɔ wu nu siwo wòtsɔ vɛ na fia la.* Eye eya kple eŋumewo gbugbɔ yi eƒe anyigba dzi.+ 13  Sika si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe kpekpeme le talento alafa ade blaade vɔ ade,+ 14  ke esiwo asitsala gãwo kple nudzralawo tsɔ vanɛ, kple sika kpakple klosalo si Arabiatɔwo ƒe fiawo katã kple nutodziɖula siwo le anyigba la dzi hena vanɛ na Salomo ya mele eme o.+ 15  Fia Salomo tsɔ sika si wotsɔ ga bubu tsakae+ la wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (sika si wotsɔ ga bubu tsakae sekel* alafa ade ye wòtsɔ wɔ akpoxɔnu gã ɖe sia ɖe)+ 16  eye wòtsɔ sika si wotsɔ ga bubu tsakae la wɔ akpoxɔnu sue alafa etɔ̃ (sika mina* etɔ̃ ye wòtsɔ wɔ akpoxɔnu sue ɖe sia ɖe). Eye fia la tsɔ wo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ+ la me. 17  Azɔ hã, fia la tsɔ nyiɖu wɔ fiazikpui gã aɖe, eye wòfa sika nyuitɔ ɖe eŋu.+ 18  Atrakpui ade le fiazikpui la ŋu, eye wotsɔ sika wɔ afɔɖodzinu ɖe fiazikpui la ŋu, abɔɖoƒe le zikpui la ƒe axa eveawo dzi, eye wowɔ dzata+ eve ɖe abɔɖoƒeawo xa. 19  Dzata+ wuieve le atrakpui adeawo ƒe axawo dzi, ɖeka le atrakpui ɖe sia ɖe ƒe axa si kple axa kemɛ. Womewɔ esia tɔgbi le fiaɖuƒe bubu aɖeke me kpɔ o. 20  Sikae wotsɔ wɔ Fia Salomo ƒe kpluwo katã, eye sika nyuitɔe wotsɔ wɔ agba siwo katã le Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Klosalonu aɖeke menɔ anyi o, elabena le Salomo ƒe ŋkekeawo me la, womebu klosalo ɖe naneke me o.+ 21  Elabena fia la ƒe tɔdziʋuwo yia Tarsis+ kpe ɖe Hiram+ ƒe subɔviwo ŋu. Tarsis tɔdziʋuwo tsɔa sika, klosalo, nyiɖu,+ kesewo kple atsrimawo vanɛ zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me. 22  Ale Fia Salomo ƒe kesinɔnuwo kple nunya ƒo anyigbadzifia bubuwo katã tɔ ta.+ 23  Eye anyigbadzifiawo katã yia Salomo gbɔ* be yewoase eƒe nunya si Mawu vavã la de dzi me nɛ la.+ 24  Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa eƒe nunana siwo nye klosalonuwo, sikanuwo, awuwo,+ aʋawɔnuwo, balsam-mi, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe. 25  Salomo wɔ sɔkpo akpe ene na eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, eye sɔ*+ akpe wuieve nɔ esi; eda wo ɖe tasiaɖamduwo me le teƒe si gogo fia la le Yerusalem.+ 26  Eye wòɖu fia ɖe fiawo katã dzi tso Tɔsisi* la nu va se ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba kple Egipte ƒe liƒo dzi.+ 27  Fia la na klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe kpe ene, eye wòna sederti sɔ gbɔ taŋtaŋ abe gboti siwo le Sefela+ ene. 28  Eye wokplɔa sɔwo tso Egipte+ kple anyigba bubuwo katã dzi vanɛ na Salomo. 29  Ke Salomo+ ŋutinya susɔeawo, tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Natan+ ƒe ŋutinyawo kple Ahiya,+ Silotɔ ƒe nyagblɔɖi kple ŋutegakpɔla Ido+ ƒe ŋutega siwo ku ɖe Yeroboam,+ Nebat vi ŋu la ƒe nuŋlɔɖi me. 30  Salomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel blibo la dzi ƒe blaene. 31  Eye wotsɔ Salomo mlɔ tɔgbuiawo gbɔ. Woɖii ɖe fofoa David Ƒe Du la me;+ eye via Rehabeam zu fia ɖe eteƒe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “adzo.”
Alo, “wò nyawo.”
Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “fiasã.”
Agate ŋu afia, “hekpe ɖe nunana siwo ƒe home sɔ kple esiwo wòtsɔ vɛ na fia la ŋu.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Mina ɖeka le Hebri Ŋɔŋlɔwo me le gram 570. Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dia Salomo ƒe ŋkume be yewoakpɔ.”
Alo, “sɔdolawo.”
Efia, Frat-tɔsisi.