2 Samuel 11:1-27

  • David wɔ ahasi kple Bat-Seba (1-13)

  • David wɔ ɖoɖo wowu Uriya (14-25)

  • David ɖe Bat-Seba wòzu srɔ̃a (26, 27)

11  Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi ɖo la, David dɔ Yoab kple eŋumewo kpakple Israel-ʋakɔ blibo la be woayi aɖatsrɔ̃ Amonitɔwo, eye woɖe to ɖe Raba,+ ke David tsi Yerusalem.+  Le fiẽ* aɖe me la, David fɔ le aba dzi yi ɖe eƒe fiasã la tame hele tsa ɖim. Ele xɔa ta kpɔ nyɔnu aɖe wònɔ tsi lem, eye nyɔnua dze tugbe ŋutɔ.  David dɔ woyi ɖabia nyɔnua gɔme se, eye ame dɔdɔa gbɔ va gblɔ be: “Bat-Seba,+ Eliyam+ vinyɔnu si nye Uriya,+ Hititɔ+ la srɔ̃e.”  Eye David dɔ ame woyi ɖakplɔe vɛ.+ Esi nyɔnua va egbɔ la, edɔ kplii.+ (Le ɣeyiɣi ma me la, nyɔnua nɔ eɖokui ŋu kɔm tso eƒe makɔmakɔnyenye me.*)+ Emegbe etrɔ yi aƒe me.  Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdɔ woyi ɖagblɔ na David be: “Mefɔ fu.”  Eye David dɔ ame ɖo ɖe Yoab be: “Ðo Uriya, Hititɔ la ɖem.” Eya ta Yoab ɖo Uriya ɖe David.  Esi Uriya va la, David bia Yoab kple aʋakɔ la ƒe dɔdɔ kple ale si aʋa la le edzi yim la ta se.  David gblɔ na Uriya be: “Yi aƒewò me, ne nàgbɔ ɖe eme.”* Ale Uriya dzo le fia la gbɔ, eye fia la ɖo nunana* ɖee.  Ke Uriya tsi eƒe aƒetɔ ƒe subɔvi bubuawo gbɔ dɔ le fia ƒe agbo nu, eye meyi eƒe me o. 10  Eye wova gblɔe na David be: “Uriya meyi eƒe me o.” Eye David bia Uriya be: “Menye mɔ dzie nètso gbɔ oa? Nu ka tae mèyi aƒewò me o?” 11  Uriya ɖo eŋu na David be: “Aɖaka+ la kple Israel kpakple Yuda le agbadɔwo me, eye nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe aʋawɔlawo ƒu asaɖa anyi ɖe gbea dzi. Eye nyea mayi aƒenye me aɖu nu ano nu ahamlɔ srɔ̃nye gbɔa?+ Zi ale si nèle agbe la,* nyemawɔ nu sia o!” 12  Eye David gblɔ na Uriya be: “Tsi afi sia egbea hã, eye etsɔ la, mado mɔ wò.” Ale Uriya tsi Yerusalem gbe ma gbe kple ŋkeke si kplɔe ɖo hã. 13  Eye David kpee be wòaɖu nu ano nu kpli ye. Eye wòna wòmu aha. Ke le fiẽ la, edo go yi ɖamlɔ eƒe aba dzi le eƒe aƒetɔ ƒe subɔviwo gbɔ, eye meyi aƒe me o. 14  Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de Uriya si ɖo ɖe Yoab. 15  Ale wòŋlɔ ɖe agbalẽ la mee nye esi: “Tsɔ Uriya ɖo aʋaa ŋgɔ afi si aʋaa nu sẽ le. Eye miade megbe le eŋu, ne woada nui wòaku.”+ 16  Yoab lé ŋku ɖe du si ŋu woɖe to ɖo la ŋu nyuie, eye wòtsɔ Uriya ɖo afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo le. 17  Esi du la me ŋutsuwo do va le aʋa wɔm kple Yoab la, David ƒe dɔlawo dometɔ aɖewo tsi eme, eye Uriya, Hititɔ la hã le ame siwo ku la dome.+ 18  Eye Yoab dɔ ame be woaɖagblɔ aʋa la ŋu nyawo katã na David. 19  Eye wògblɔ na dɔla la be: “Ne ègblɔ aʋa la ŋu nyawo katã na fia la vɔ, 20  eye fia do dziku vevie hebia wò be, ‘Nu ka tae miegogo dua nenema gbegbe be miawɔ aʋa? Ðe mienya be woanɔ glia dzi ate mi oa? 21  Ame kae wu Abimelek,+ Yerubeset+ vi la? Ðe menye nyɔnu aɖee nɔ gli dzi xlã tévi ɖee wòku le Tebez oa? Nu ka tae miagogo glia nenema gbegbe ɖo?’ la, ekema nàgblɔ be, ‘Wò subɔvi Uriya, Hititɔ la, hã ku.’” 22  Eye dɔla la yi ɖagblɔ nya siwo katã gbe Yoab dɔe ɖo la na David. 23  Dɔla la gblɔ na David be: “Ameawo sesẽ wu mí, eye wodo va kpe mí le gbea dzi; ke míenya wo va ɖo dugbo la nu. 24  Aŋutrɔdalawo nɔ glia dzi nɔ wò dɔlawo tem, ale be fia la ƒe dɔla aɖewo ku; wò dɔla Uriya, Hititɔ la hã ku.”+ 25  Eye David gblɔ na dɔla la be: “Gblɔ na Yoab be, ‘Mègana nu sia naɖe fu na wò o, elabena ame sia ame ate ŋu atsi yi nu. Na aʋa la nasẽ ɖe du la ŋu, eye nàɖu edzi.’+ Eye nàde dzi ƒo nɛ.” 26  Esi Uriya srɔ̃ se be ye srɔ̃ Uriya ku la, efa srɔ̃a vevie. 27  Esi konyifaɣi la wu enu la, David dɔ woyi ɖakplɔe vɛ nɛ wòzu srɔ̃a,+ eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nu si David wɔ la medze Yehowa ŋu o.*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ɣetrɔ.”
Ðewohĩ le eƒe asiɖoanyiɣi.
Alo, “Fia ƒe nunana,” si nye nunana si ame si xɔ amedzro nanɛ tsɔ dea bubu eŋu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne nàklɔ afɔ.”
Alo, “Zi ale si wò luʋɔ le agbe la.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “vɔ̃ɖi le Yehowa ŋkume.”