2 Samuel 13:1-39

  • Amnon dɔ Tamar gbɔ sesẽe (1-22)

  • Absalom wu Amnon (23-33)

  • Absalom si yi Gesur (34-39)

13  Ke nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Tamar+ la nɔ David vi Absalom si, eye eƒe nu lé dzi na David vi Amnon.+  Esia ɖe fu na Amnon ale gbegbe be wòzu dɔ dze edzi le nɔvianyɔnu Tamar ta, elabena ɖetugbui leaƒe wònye, eye Amnon mekpɔ mɔnu aɖeke awɔ nane kplii o.  Ke xɔlɔ̃ aɖe le Amnon si, eŋkɔe nye Yehonadab,+ eye wònye David nɔvi Simea+ vi; Yehonadab dze aɖaŋu ŋutɔ.  Eye wòbia Amnon be: “Fia vi, nu ka ŋuti nèléa blanui ŋdi sia ŋdi ale? Màgblɔe nam oa?” Amnon ɖo eŋu nɛ be: “Nɔvinye Absalom nɔvinyɔnu+ Tamar ƒe nue lé dzi nam.”  Eye Yehonadab gblɔ nɛ be: “Yi ɖamlɔ anyi ɖe wò aba dzi nàwɔ aye be yedze dɔ. Eye ne fofowò va kpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na nɔvinye Tamar nava na nuɖuɖum. Ne eva ɖa dɔnɔnuɖuɖua* le ŋkunyeme mekpɔ la, ekema maɖu nua le esi me.’”  Ale Amnon mlɔ anyi hewɔ abe dɔ lém wòle ene, eye fia la yi ɖakpɔe ɖa. Amnon gblɔ na fia la be: “Meɖe kuku, na nɔvinye Tamar nava mè abolo eve siwo ƒe nɔnɔme le abe dzi ene la le ŋkunyeme, ne maɖu nua le esi me.”  Eye David ɖo ame ɖe Tamar le aƒe me gblɔ be: “Meɖe kuku, yi nɔviwò Amnon ƒe me, eye nàɖa nu* nɛ.”  Eya ta Tamar yi nɔvia Amnon ƒe me, afi si wòmlɔ anyi ɖo. Eye wòblu amɔwɔ tsɔ ƒo abolo le eŋkume hemè wo.  Eye wòtsɔe ɖo ekɔme. Gake Amnon gbe eɖuɖu gblɔ be: “Mina ame sia ame nado le gbɔnye!” Eye ame sia ame do le egbɔ. 10  Azɔ Amnon gblɔ na Tamar be: “Tsɔ nuɖuɖua* va xɔgã me, ne nàlée ɖe asi maɖu.” Eya ta Tamar tsɔ abolo siwo wòmè la yi na nɔvia Amnon le xɔgã me. 11  Esi Tamar tsɔ nuɖuɖua yi egbɔ be wòaɖu la, elée gblɔ nɛ be: “Nɔvinyenyɔnu, va mlɔ gbɔnye.” 12  Ke egblɔ nɛ be: “Kpao, nɔvinye! Mègaɖi gbɔm o, elabena womewɔa nu sia le Israel o.+ Mègawɔ ŋukpenanu sia o.+ 13  Afi ka mayi kple ŋukpe gã sia? Woabu wò ɖe ŋukpenanuwɔlawo dome le Israel. Eya ta meɖe kuku, gblɔe na fia la; elabena matem wò o.” 14  Ke egbe toɖoɖoe, eye wòzi edzi hedɔ egbɔ sesẽe tsɔ ɖi gbɔe. 15  Enumake Amnon lé fui vevie ŋutɔ, fu si wòlée la nu sẽ wu ale si wòlɔ̃e tsã. Eye Amnon gblɔ nɛ be: “Tso nàdzo!” 16  Eɖo eŋu nɛ be: “Ao, nɔvinye, elabena ne ènyam be madzo la, eya boŋ gavɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ ɖe ŋunye fifi laa!” Ke egbe toɖoɖoe. 17  Eye wòyɔ eƒe ɖekakpui si subɔnɛ la gblɔ nɛ be: “Kplɔ ame sia do goe le gbɔnye yi xexe ne nàdo ʋɔa.” 18  (Ke awu ʋlaya tɔxɛ* aɖe le eŋu, elabena nenemae fiavinyɔnu ɖetugbui leaƒewo doa awui.) Eya ta eƒe subɔvi la hee do goe yi xexe, eye wòdo ʋɔa. 19  Ale Tamar lɔ afi kɔ ɖe tame,+ eye wòdze awu ʋlaya nyui si le eŋu la; eye wòkpla asi ta le avi fam le yiyim. 20  Eye nɔvia Absalom+ biae be: “Nɔviwò Amnon ye wɔ nu sia ɖe ŋuwòa? Nɔvinye, zi ɖoɖoe. Nɔviwòe.+ Mègana nya sia naɖu dzi na wò o.” Ale Tamar tsi nɔvia Absalom ƒe me, eye medona ɖe ame dome o. 21  Esi Fia David se nya siawo katã la, dzi kui vevie.+ Gake medi be yeawɔ naneke wòave via Amnon o, elabena eyae nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòlɔ̃e. 22  Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui aɖeke na Amnon o; gake Absalom lé fu+ Amnon le esi wòɖi gbɔ nɔvianyɔnu Tamar ta.+ 23  Le ƒe eve megbe la, wonɔ fu kom na Absalom ƒe alẽwo le Baal-Hazor, si gogo Efrayim,+ eye Absalom kpe fia viŋutsuwo katã.+ 24  Eye Absalom va fia la gbɔ gblɔ nɛ be: “Wole fu kom na wò dɔla ƒe alẽwo! Meɖe kuku, medi be fia la kple eŋumewo nayi kplim.” 25  Ke fia la gblɔ na Absalom be: “Ao, vinye! Mègana mí katã míayi ne míazu agba na wò o.” Togbɔ be eƒoe ɖe enu hã la, melɔ̃ be yeayi o, ke boŋ eyrae. 26  Eye Absalom gblɔ be: “Meɖe kuku, ne màyi o la, ekema na nɔvinye Amnon nayi kpli mí.”+ Eye fia la biae be: “Nu ka tae wòayi kpli wò?” 27  Ke Absalom ƒoe ɖe enu, eya ta ena Amnon kple fiaviŋutsuwo katã kpe ɖe eŋu yi. 28  Eye Absalom de se na eƒe subɔviwo be: “Miɖo ŋku anyi; ne wain na Amnon ƒe dzi le dzidzɔ kpɔm la, magblɔ na mi be, ‘Mida nu Amnon ƒu anyi!’ Ekema miawui. Migavɔ̃ o. Alo menye nye ŋutɔe ɖe gbe na mi oa? Misẽ ŋu, eye miwɔ kalẽ.” 29  Eya ta Absalom ƒe subɔviwo wɔ Amnon abe ale si tututu Absalom de see ene; eye fia viŋutsu bubuawo katã tso enumake, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe de eƒe tedzisɔ dzi hesi dzo. 30  Esi wonɔ mɔ dzi la, David se be: “Absalom wu fia viŋutsuwo katã, eye wo dometɔ ɖeka pɛ hã mesusɔ o.” 31  Ale fia la tso, eye wòdze eƒe awuwo hemlɔ anyi ɖe anyigba, eye eƒe dɔlawo katã le tsitre le awu vuvuwo me. 32  Ke David nɔvi Simea+ vi Yehonadab+ gblɔ nɛ be: “Nye aƒetɔ megasusu be fiaviŋutsu ɖekakpuiawo katãe wowu o, Amnon ɖeɖe koe ku.+ Absalom ƒe gbeɖeɖe nue wowɔe le;+ nu wònye wòɖo xoxoxo tso gbe si gbe wòɖi gbɔ nɔvianyɔnu+ Tamar.+ 33  Eya ta nye aƒetɔ fia megana nya si wòse be, ‘Fia viŋutsuwo katã ku’ la, naɖe fu nɛ o.* Amnon ɖeɖe koe ku.” 34  Ke Absalom si dzo.+ Emegbe gbetakpɔla la fɔ mo dzi, eye wòkpɔ ameha aɖe le mɔ si to emegbe le to la xa dzi gbɔna. 35  Eye Yehonadab+ gblɔ na fia la be: “Kpɔ ɖa! Fia la viŋutsuwo gbɔ abe ale si wò dɔla gblɔe na wòe ene.” 36  Kaka wòaɖe nu le nyaa me ko la, fiaviŋutsuawo va ɖo, eye wonɔ avi fam sesĩe; fia la kple eŋumewo hã fa avi vevie. 37  Ke Absalom si yi Talmai,+ Amihud vi, si nye Gesur-fia gbɔ. Eye David fa viaŋutsua ŋkeke geɖe. 38  Esi Absalom si yi Gesur+ la, enɔ afi ma ƒe etɔ̃. 39  Mlɔeba edzro fia David vevie be yeayi aɖakpɔ Absalom ɖa, elabena eƒe akɔ fa le Amnon ƒe ku la ta.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “akɔfafabolo.”
Alo, “akɔfafabolo.”
Alo, “akɔfafabolo.”
Alo, “atsyɔ̃wu ʋlaya.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “naɖu dzi na wò o.”