2 Samuel 14:1-33

  • Yoab kple Tekoa nyɔnu la (1-17)

  • David de dzesi Yoab ƒe aye la (18-20)

  • Woɖe mɔ Absalom trɔ gbɔ (21-33)

14  Ke Yoab, Zeruya vi+ kpɔe be fia la ƒe dzi trɔ ɖe Absalom ŋu.+  Eya ta Yoab dɔ ame ɖo ɖe Tekoa+ woyi ɖakplɔ nyɔnu dzeaɖaŋu aɖe vɛ, eye wògblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene ahata avɔ abe konyifala ene, eye mègasi ami o.+ Wɔ abe ame si le ame kuku aɖe fam ŋkeke geɖee nye esia ene.  Eye nàyi fia la gbɔ agblɔ nya sia nɛ.” Eye Yoab de nyaawo enu.*  Eya ta Tekoa nyɔnua va fia la gbɔ, eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi hede ta agu gblɔ be: “Oo fia, xɔ nam!”  Eye fia la biae be: “Nya kae dzɔ ɖe dziwò?” Eɖo eŋu be: “Ahosie menye, elabena srɔ̃nye ku.  Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si, eye dzre dzɔ ɖe wo ame evea dome le gbe me. Ke xɔnametɔ aɖeke meli alé avu wo o, mlɔeba ɖeka da nu nɔvia ƒu anyi wòku.  Azɔ ƒome blibo la katã tso ɖe wò dɔlanyɔnu ŋu le gbɔgblɔm be, ‘Tsɔ ame si wu nɔvia la de asi, ne míawui ɖe nɔvia si wòwu la ƒe agbe* ta,+ ne ema afia be míatsrɔ̃ domenyila la gɔ̃ hã!’ Ale wole nye dzoka xɔxɔ si kpɔtɔ ɖi* la tsi ge, ale be ame aɖeke malé srɔ̃nye ƒe ŋkɔ ɖe te, alo ame aɖeke nasusɔ nɛ le anyigba dzi o.”  Eye fia la gblɔ na nyɔnua be: “Yi aƒewò me, eye made se le ŋutiwò.”  Eye Tekoa nyɔnu la gblɔ na fia la be: “Oo nye aƒetɔ fia, vodada la nenɔ nye kple fofonye ƒe aƒe la dzi, ke fia kple eƒe fiazikpui la meɖi fɔ aɖeke o.” 10  Fia la gblɔ kpee be: “Ne ame aɖe gagblɔ nya aɖe na wò la, ekema nàkplɔe vɛ nam; eye magaɖe fu na wò azɔ o.” 11  Ke egblɔ be: “Meɖe kuku, fia la neɖo ŋku Yehowa eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala+ la nagagblẽ nu ahatsrɔ̃ vinyeŋutsu la ɖa o.” Eɖo eŋu be: “Zi ale si Yehowa le agbe la,+ viwò la ƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.” 12  Nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na wò dɔlanyɔnu nagblɔ nya ɖeka na nye aƒetɔ fia la.” Eye wògblɔ be: “Ƒo nu!” 13  Eye nyɔnu la gblɔ be: “Ekema nu ka tae nèɖoe be yeawɔ nu sia tɔgbi atsɔ agblẽ nu le Mawu ƒe dukɔ la ŋu?+ Elabena esi fia ƒo nu alea la, fia la bu fɔ eɖokui le esi megbugbɔ via si wonya de gbe la gbɔe o ta.+ 14  Míele kuku ge godoo, eye míanɔ abe tsi si wokɔ ɖe anyigba, si womagate ŋu aku o la ene. Ke Mawu maɖe agbe* aɖeke ɖa o, eye wòbu nu siwo ta wòle be woagbugbɔ ame si wonya de gbe la gbɔe ŋu. 15  Esi dukɔ la le ŋɔdzi dom nam la, eya tae meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ fia la. Eya tae wò dɔlanyɔnu la gblɔ be, ‘Maƒo nu kple fia la. Ðewohĩ fia la awɔ nu si biam eƒe dɔlanyɔnu le la nɛ. 16  Fia la aɖo to, eye wòaɖe eƒe dɔlanyɔnu tso ame si le didim be yeatsrɔ̃ nye kple vinyeŋutsuvi ɖekɛ la ɖa le domenyinu si Mawu tsɔ na mí gbɔ la si me.’+ 17  Eye dɔlanyɔnu la gblɔ be, ‘Nye aƒetɔ fia ƒe nya la nena gbɔdzɔem,’ elabena nye aƒetɔ fia le abe Mawu vavã la ƒe dɔla si dea vovo nyui kple vɔ̃ dome la ene. Yehowa wò Mawu nenɔ kpli wò.” 18  Eye fia la gblɔ na nyɔnua be: “Meɖe kuku, mègaɣla nya si mabia wò la ɖem o.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Meɖe kuku, nye aƒetɔ fia neƒo nu.” 19  Eye fia la gabiae be: “Menye Yoab ye gblɔ nya siawo de nuwò be nàva gblɔ oa?”+ Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be: “Oo nye aƒetɔ fia, zi ale si nèle* agbe la, ele abe ale si tututu nye aƒetɔ fia gblɔe ene,* elabena wò dɔla Yoab ye de se nam, eye eyae tsɔ nya siawo katã de nu na wò dɔlanyɔnu la. 20  Wò dɔla Yoab ye wɔ nu sia, ne wòatsɔ atrɔ mo na nya la, ke nye aƒetɔ dze nunya abe Mawu vavã la ƒe dɔla ene, eye wònya nu sia nu si dzɔna le anyigba la dzi.” 21  Emegbe fia la gblɔ na Yoab be: “Enyo, mawɔe.+ Eya ta yi nàɖakplɔ ɖekakpui Absalom gbɔe.”+ 22  Ale Yoab bɔbɔ tsyɔ mo anyi, eye wòkafu fia la. Eye Yoab gagblɔ be: “Oo nye aƒetɔ fia, wò dɔla nyae egbea be, ève ye nu, elabena fia la wɔ nu si eƒe dɔla biae la nɛ.” 23  Ale Yoab tso hedze mɔ yi Gesur+ ɖakplɔ Absalom gbɔe va Yerusalem. 24  Ke fia la gblɔ be: “Netrɔ yi eƒe me, megava kpɔ nye ŋkume o.” Eya ta Absalom yi eƒe me, eye mekpɔ fia la ŋkume o. 25  Ke ame aɖeke medze ɖeka de Absalom nu le Israel blibo la katã o, ale be wokafunɛ ŋutɔ. Dzuƒe aɖeke mele eŋu tso eƒe afɔƒome va se ɖe eƒe dzodome o. 26  Ne ƒe trɔ la, ekoa ta elabena ɖa la nɔa ekpem. Eƒe taɖa ƒe kpekpeme dea sekel alafa eve,* le fia ƒe nudakpe nu.* 27  Wodzi ŋutsuvi etɔ̃+ kple nyɔnuvi ɖeka, si ŋkɔe nye Tamar, na Absalom. Eye nyɔnuvi la dze tugbe ŋutɔ. 28  Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve sɔŋ, gake mekpɔ fia la ŋkume o.+ 29  Eya ta Absalom dɔ ame ɖo ɖe Yoab, be yeadɔe ɖo ɖe fia la gbɔ, ke egbe be yemava egbɔ o. Egadɔ ame ɖo ɖee zi evelia, ke egbe vava. 30  Mlɔeba egblɔ na eƒe subɔviwo be: “Yoab ƒe anyigba aɖe le tɔnye xa, eye ƒo le afi ma nɛ. Miyi ɖatɔ dzoe.” Eya ta Absalom ƒe subɔviwo tɔ dzo anyigba la. 31  Eye Yoab tso yi Absalom ƒe me ɖabiae be: “Nu ka tae wò subɔviwo tɔ dzo nye anyigba la?” 32  Absalom ɖo eŋu na Yoab be: “Kpɔ ɖa, medɔ ame ɖe wò be: ‘Va, ne madɔ wò ɖe fia la gbɔ nàgblɔ be, “Nu ka tae metso Gesur va?+ Ne ɖe metsi afi ma la, ne enyo nam wu. Eya ta na makpɔ fia la ŋkume, eye ne vodada aɖe le ŋunye la, ekema newum.”’” 33  Eya ta Yoab yi fia la gbɔ ɖagblɔe nɛ. Eye wòyɔ Absalom, eye wòva fia la gbɔ hebɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume. Eye fia la gbugbɔ nu na Absalom.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “gblɔ nya si nyɔnua agblɔ la nɛ.”
Alo, “luʋɔ.”
Efia, domenyila mamlɛtɔ.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “wò luʋɔ le.”
Alo, “ame aɖeke mate ŋu adze ɖe ɖusi alo mia me le nya siwo katã nye aƒetɔ fia gblɔ me o.”
Anɔ kilogram 2.3. Kpɔ Megbenyawo B14.
Esia nye nudakpe si dzi woda asi ɖo si nɔa fiaƒeme, alo “fiaƒeme” sekel si toa vovo na esi wozãna.