2 Samuel 15:1-37

  • Absalom ƒe nugbeɖoɖo kple eƒe aglãdzedze (1-12)

  • David sí dzo le Yerusalem (13-30)

  • Ahitofel wɔ ɖeka kple Absalom (31)

  • Wodɔ Husai be wòagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me (32-37)

15  Le nu siawo katã megbe la, Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui kpakple ŋutsu blaatɔ̃ siwo aƒu du le eŋgɔ.+  Eye Absalom fɔna ŋdi kanya va tɔna ɖe mɔ si ɖo ta dugboa+ nu la to. Eye ne nya aɖe le ame aɖe si wòtsɔ gbɔna fia gbɔ be woadrɔ̃ la,+ ekema Absalom yɔa amea hebianɛ be: “Du ka me nètso?” eye wòɖoa eŋu be: “Israel-toawo dometɔ ɖeka mee wò dɔla tso.”  Eye Absalom gblɔna nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò nyawo le eme, eye wosɔ, ke ame aɖeke mele fia gbɔ asee na wò o.”  Eye Absalom gagblɔna be: “Ne ɖe woaɖom ʋɔnudrɔ̃lae ɖe anyigba la dzi la, ekema ame sia ame si si nya aɖe alo ʋɔnunya aɖe le la atsɔe ava gbɔnye eye madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ.”  Eye ne ame aɖe te ɖe eŋu be yeabɔbɔ nɛ la, edoa asi ɖa lénɛ, eye wògbugbɔa nu nɛ.+  Absalom wɔa esia na Israel-vi siwo katã tsɔa ʋɔnunya vaa fia la gbɔ; eye vivivi la Absalom fi Israel ŋutsuwo ƒe dzi.+  Le ƒe enelia* ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na fia la be: “Meɖe kuku, na mayi Hebron+ aɖawɔ adzɔgbe si meɖe na Yehowa la dzi.  Elabena wò dɔla ɖe adzɔgbe+ tɔxɛ sia esime menɔ Gesur+ le Siria, gblɔ be: ‘Ne Yehowa kplɔm gbɔe va Yerusalem la, ekema masa vɔ* na Yehowa.’”  Eye fia la gblɔ nɛ be: “Heyi le ŋutifafa me.” Ale wòtso dze mɔ yi Hebron. 10  Azɔ Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me gblɔ be: “Ne mienya se kpẽ ƒe ɖiɖi ko la, ekema migblɔ be: ‘Absalom zu fia le Hebron!’”+ 11  Ke ŋutsu alafa eve tso Yerusalem yi kple Absalom; wokpe wo woyi, ke womenya naneke o, eye womenya nu tso nu si le dzɔdzɔm la ŋu o. 12  Esi Absalom nɔ vɔa sam la, edɔ ame woyi ɖayɔ Gilotɔ Ahitofel,+ si nye David ƒe aɖaŋuɖola,+ tso wo de Gilo+ vɛ. Ale nugbeɖoɖo la nu nɔ sesẽm ɖe edzi, eye ame siwo le Absalom dzi la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi.+ 13  Emegbe ame aɖe va gblɔ na David be: “Israel ŋutsuwo ƒe dzi trɔ ɖe Absalom ŋu.” 14  Enumake David gblɔ na eƒe dɔla siwo katã le eŋu le Yerusalem be: “Mitso, mina míasi;+ elabena míate ŋu ado le Absalom si me o! Netsɔ, mídzo, ne wòagaɖe abla atu mí, eye wòahe gbegblẽ ava mía dzi ahatsrɔ̃ du la kple yi o!”+ 15  Fia la ƒe dɔlawo gblɔ na fia la be: “Wò subɔviwoe nye esi, míawɔ nu sia nu si míaƒe aƒetɔ ɖo be yeawɔ la.”+ 16  Eya ta fia la dzo, eye eƒemetɔwo katã dze eyome, ke fia la gblẽ eƒe ahiã+ ewo ɖe megbe be woakpɔ aƒea* dzi. 17  Fia la dze mɔ, eye eƒemetɔwo katã le eyome, eye wova tɔ ɖe Bet-Merhak. 18  David ƒe dɔla siwo katã le eŋu,* kple Keretitɔwo, Peletitɔwo+ kple Gititɔwo,+ siwo nye ŋutsu alafa ade, siwo dze eyome tso Gat+ la, le eme tsom esime fia la le ŋku lém ɖe wo ŋu.* 19  Eye fia la gblɔ na Gititɔ Itai+ be: “Nu ka ta wò hã nàyi kpli mí? Trɔ yi ɖanɔ fia yeye la gbɔ, elabena amedzro nènye, gawu la, ɖe nèʋu tso mia de va. 20  Etsɔ koe nèva, eye egbe ko mana nànɔ tsaglãla tsam kpli mí ayi afi si mayia? Kplɔ nɔviwòwo ne miagbugbɔ, eye Yehowa neve nuwò eye wòawɔ nuteƒe na wò!”+ 21  Ke Itai ɖo eŋu na fia la be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye zi ale si nye aƒetɔ fia le agbe la, afi si nye aƒetɔ fia anɔ la, eɖanye ku me alo agbe me o, afi mae wò subɔvi la hã anɔ!”+ 22  Eye David gblɔ na Itai+ be: “Yi nàtso tɔ la.” Eya ta Gititɔ Itai tsoe hekpe ɖe eƒe amewo katã kple ɖevi siwo le eŋu la hã ŋuti. 23  Anyigba la dzi tɔwo katã le avi fam sesĩe esime ame siawo katã le tɔa tsom; fia la tɔ ɖe Kidron-tɔʋu+ la nu, eye ameawo katã le eme tsom ɖo ta mɔ si yi gbea dzi la dzi. 24  Zadok+ hã le afi ma, eye Lewi vi+ siwo katã kɔ Mawu vavã+ la ƒe nubablaɖaka+ la hã le afi ma; eye wodro Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ɖi; eye Abiatar+ nɔ afi ma va se ɖe esime ameawo katã tso dua me tso tɔa. 25  Ke fia la gblɔ na Zadok be: “Gbugbɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la yi dua me.+ Ne Yehowa ve nunye la, ekema akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔ aɖaka la kple afi si wòle.+ 26  Ke ne egblɔ be: ‘Wò nu menyo ŋunye o’ la, kpɔ ɖa, nyee nye esi; newɔm abe ale si dze eŋu ene.” 27  Eye fia la gagblɔ na nunɔla Zadok be: “Menye nukpɔlae+ nènye oa? Gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye kplɔ mia vi eveawo, viwò Ahimaaz kple Yonatan,+ Abiatar vi ɖe asi. 28  Kpɔ ɖa, malala vie le tɔtsoƒea le gbea dzi va se ɖe esime gbe atso gbɔwò ava nam.”+ 29  Ale Zadok kple Abiatar gbugbɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la yi Yerusalem, eye wonɔ afi ma. 30  Esi David le Amito+ la liam la, etsyɔ nu ta le avi fam le yiyim; ezɔ afɔ ƒuƒlu. Ame siwo katã le eŋu la dometɔ ɖe sia ɖe tsyɔ nu ta, eye wole avi fam le yiyim. 31  Eye wova gblɔ na David be: “Ahitofel hã le nugbeɖolawo+ dome kpe ɖe Absalom+ ŋu.” Eye David gblɔ be: “Oo Yehowa,+ meɖe kuku, trɔ Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo wòazu bometsinya!”+ 32  Esi David va ɖo to si tame wodea ta agu na Mawu le la, kpɔ ɖa, Husai+ Arkitɔ+ lae nye esi le awu vuvu me, eye ke le tame nɛ wòva do goe. 33  Ke David gblɔ nɛ be: “Ne èyi kplim la, agba ko nànye nam. 34  Gake ne ègbugbɔ yi dua me, eye nègblɔ na Absalom be: ‘Oo Fia, wò subɔvi menye. Fofowò ƒe subɔvi menye tsã, ke azɔ la, mezu wò subɔvi’+ la, ekema àgblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me nam.+ 35  Ðe Zadok kple Abiatar, siwo nye nunɔlawo, mele gbɔwò le afi ma oa? Eye nya sia nya si nàse tso fiasãa me la, gblɔe na nunɔla Zadok kple Abiatar.+ 36  Kpɔ ɖa! Wo vi eveawo le wo gbɔ afi ma: Ahimaaz,+ si nye Zadok vi kple Yonatan,+ si nye Abiatar vi, mide nya sia nya si miese la wo si ɖo ɖem.” 37  Eya ta David xɔlɔ̃*+ Husai trɔ va dua me esime Absalom hã va Yerusalem.

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “ƒe blaene.”
Alo, “de ta agu.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “mawɔ subɔsubɔdɔ.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “Eye David ƒe subɔviwo katã va le tɔ tsom le exa.”
Alo, “le fia la ŋkume tom va le yiyim.”
Alo, “xɔlɔ̃ vevi.”