2 Samuel 16:1-23

  • Ziba gblẽ Mefiboset ŋu (1-4)

  • Simei do ɖiŋu na David (5-14)

  • Absalom xɔ Husai (15-19)

  • Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo (20-23)

16  Esi David to toa tame+ yi ʋɛ la, Mefiboset+ ƒe subɔvi Ziba+ ye nye esi va do goe kple tedzi eve siwo wobla akpa na, eye abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka, dzomeŋɔlikutsetsebolo* alafa ɖeka kple wain ze gã ɖeka le wo dzi.+  Eye fia la bia Ziba be: “Nu ka tae nètsɔ nu siawo vɛ?” Ziba ɖo eŋu be: “Tedziawo nye fia ƒe aƒemetɔwo tɔ, ne woado, eye abolo la kple dzomeŋɔlikutsetsebolo la nye ɖekakpuiawo tɔ, ne woaɖu, eye wain la nye ame siwo ŋu ɖeɖi te le gbea dzi la tɔ, ne wòano.”+  Eye fia la biae be: “Ke afi kae wò aƒetɔ ƒe vi* la le?”+ Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Etsi Yerusalem; elabena egblɔ be: ‘Israel ƒe aƒe la agbugbɔ fofonye ƒe fiaɖuƒe la anam egbea.’”+  Eye fia la gblɔ na Ziba be: “Kpɔ ɖa! Mefiboset ƒe nuwo katã zu tɔwò.”+ Ziba ɖo eŋu be: “Mede ta agu. Nye aƒetɔ fia neve nunye.”+  Esi Fia David va ɖo Bahurim la, Saul ƒe ƒometɔ aɖe si ŋkɔe nye Simei,+ Gera vi, lae nye ema do gbɔna, eye wòle ɖiŋu dom na fia la.+  Eye wòde asi kpedada Fia David kple eƒe subɔviwo katã kpakple ŋutsu kalẽtɔ siwo katã le eƒe ɖusime kple miame la me.  Simei le ɖiŋu dom le gbɔgblɔm be: “Dzo, dzo, wò, ʋufɔɖila! Yakame!  Yehowa gbugbɔ Saul, ame si teƒe nèɖu fia ɖo la ƒe aƒe ŋuti ʋufɔɖiɖi la katã va dziwò, ke Yehowa tsɔ fianyenye la de asi na viwò Absalom. Azɔ la, èɖo xaxa me, elabena èɖi ʋufɔ!”+  Eye Abisai, Zeruya+ vi gblɔ na fia la be: “Nu ka tae avu kuku+ sia anɔ ɖiŋu dom na nye aƒetɔ fia la?+ Meɖe kuku, na mayi aɖatso ta le enu.”+ 10  Ke fia la gblɔ be: “Nya kae le nye kpli mi dome, mi Zeruya viwo?+ Miɖe asi le eŋu wòado ɖiŋu nam,+ elabena Yehowae gblɔ nɛ be,+ ‘Do ɖiŋu na David!’ Eya ta ame kae kpɔ mɔ agblɔ be: ‘Nu ka ta nèwɔ nu alea?’” 11  Eye David gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã be: “Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ vinye, si do tso menye la, le didim be yeaɖe nye agbe*+ ɖa, ekema ɖe Benyamin vi+ madii wu oa? Miɖe asi le eŋu wòado ɖiŋu nam faa, elabena Yehowae gblɔe nɛ! 12  Ðewohĩ Yehowa akpɔ nye fukpekpewo,+ eye Yehowa atsɔ nyui aɖo ɖiŋu si dom wòle nam teƒe egbea.”+ 13  Eye David kple eƒe amewo yi mɔzɔzɔa dzi, ke Simei le zɔzɔm le akasa nu kple David le to la xa le ɖiŋu dom nɛ;+ eye wòle kpe dam hele ke gbogbo aɖe hlẽm ɖe wo ŋu. 14  Esi fia la kple ame siwo katã le eŋu la va ɖo afi si yim wole la, ɖeɖi te wo ŋu, eye wogbɔ ɖe eme. 15  Ke Absalom kple Israel ŋutsuwo katã va Yerusalem, eye Ahitofel+ le eŋu. 16  Esi Husai,+ Arkitɔ+ la, si nye David xɔlɔ̃,* nya va Absalom gbɔ ko la, Husai gblɔ na Absalom be: “Fia nenɔ agbe tegbee!+ Fia nenɔ agbe tegbee!” 17  Eye Absalom bia Husai be: “Lɔlɔ̃ vavã si le asiwò na xɔ̃wòa ye nye esia? Nu ka tae mèkplɔ xɔwòa ɖo o?” 18  Eye Husai gblɔ na Absalom be: “Gbeɖe, ke boŋ ame si Yehowa kple dukɔ sia kpakple Israel ŋutsuwo katã tia la ƒe akpa dzie manɔ. Eya gbɔe manɔ. 19  Eye megale egblɔm ake be: Ame kae masubɔ? Ðe menye viae masubɔ oa? Ale si tututu mesubɔ fofowòe la, nenema kee masubɔ wòe.”+ 20  Emegbe Absalom gblɔ na Ahitofel be: “Ðo aɖaŋu nam.+ Nu kae míawɔ?” 21  Ahitofel gblɔ na Absalom be: “Dɔ fofowò ƒe ahiã+ siwo wògblẽ ɖe megbe be woakpɔ aƒea*+ dzi la gbɔ. Ekema Israel blibo la asee be èva le ʋeʋẽm ɖe fofowò,* eye ŋusẽ aɖo ame siwo katã de dziwò la ŋu.” 22  Eya ta wotu agbadɔ ɖe xɔ ta na Absalom,+ eye Absalom dɔ fofoa ƒe ahiãwo+ gbɔ le Israel blibo la ŋkume.+ 23  Ɣemaɣi la, wobua aɖaŋu si Ahitofel+ ɖona abe Mawu vavã la ƒe nya ene.* Aleae Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo katã le na David kple Absalom siaa.

Etenuŋɔŋlɔ

Gbotsetsewo, kple ɖewohĩ ayedewo.
Alo, “tɔgbuiyɔvi.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “xɔlɔ̃ vevi.”
Alo, “fiasã.”
Efia, “be èɖi gbɔ fofowò.”
Alo, “abe Mawue wobia gbee ene.”