2 Samuel 17:1-29

  • Husai gblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me (1-14)

  • Woxlɔ̃ nu David wòsi le Absalom nu (15-29)

    • Barzilai kple ame bubuwo tsɔ nunanawo vɛ na David (27-29)

17  Ahitofel gblɔ na Absalom be: “Meɖe kuku, na matia ŋutsu akpe wuieve, ne miati David yome le zã sia me.  Ekema mava do ɖe edzi, esime ɖeɖi te eŋu,+ eye ŋusẽ vɔ le eŋu,* ekema mado voɖi nɛ; eye ame siwo katã le eŋu la asi, eye mawu fia la ɖeɖe ko.+  Eye makplɔ ameawo katã agbɔe na wò. Ne ame si dim nèle la nya ku ko la, ameawo katã atrɔ agbɔ. Eye dukɔ blibo la anɔ anyi le ŋutifafa me.”  Nya la dze Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwo katã ŋu.  Ke Absalom gblɔ be: “Meɖe kuku, miyɔ Husai,+ Arkitɔ la hã vɛ, ne míase nya si le eya hã si.”  Esi Husai va Absalom gbɔ la, Absalom gblɔ nɛ be: “Aɖaŋu si Ahitofel ɖoe nye esi. Míwɔ eƒe nya dzia? Ne míawɔe o la, ekema gblɔ nu si míawɔ la na mí.”  Eye Husai gblɔ na Absalom be: “Aɖaŋu si Ahitofel ɖo fifia ya menyo o!”+  Eye Husai gagblɔ be: “Wò ŋutɔ ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie be kalẽtɔwo wonye,+ eye wodo adã vevie abe sisiblisi si vi bú na le gbe me ene.+ Gawu la, aʋamee fofowò nye,+ eye matsi ameawo gbɔ adɔ o.  Ebe ɖe agadoawo* dometɔ aɖe me loo alo ɖe teƒe bubu aɖe fifia;+ eye ne etre wò ameawo dzi dzedze la, ame sia ame si see la agblɔ be: ‘Woɖu ame siwo kplɔ Absalom ɖo la dzi!’ 10  Ekema dzi aɖe le kalẽtɔ kekeake si ƒe dzi le abe dzata+ ƒe dzi ene la gɔ̃ hã ƒo, elabena Israel blibo la katã nyae be kalẽtɔe fofowò nye,+ eye ame siwo katã le eŋu la hã nye ŋutsuwɔlawo. 11  Eya ta aɖaŋu si maɖoe nye be: Woaƒo Israel blibo la katã nu ƒu ɖe ŋuwò, tso Dan va se ɖe Beer-Seba,+ woasɔ gbɔ abe ƒutake ene,+ eye wò ŋutɔ nadze ŋgɔ akplɔ wo ayi aʋa lae. 12  Afi sia afi si míakpɔe le la, míadze edzi, eye míaƒo ɖe edzi abe ale si zãmu dzana ɖe anyigba dzi ene; eye eya ŋutɔ kple ame siwo le eŋu la dometɔ ɖeka pɛ hã masusɔ o. 13  Eye ne esi yi du aɖe me la, ekema Israel blibo la atsɔ ka ɖe asi ayi du ma me, eye míahe dua ava bali la me va se ɖe esime kpekui aɖeke matsi afi ma o.” 14  Tete Absalom kple Israel ŋutsuwo katã gblɔ be: “Husai, Arkitɔ la, ƒe aɖaŋua nyo+ wu Ahitofel ƒe aɖaŋu la!” Elabena Yehowae ɖoe be woagblẽ Ahitofel+ ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui la me, ale be Yehowa nahe vɔ̃ ava Absalom dzi.+ 15  Emegbe Husai gblɔ na Zadok kple Abiatar,+ ame siwo nye nunɔlawo be: “Ale kple ale Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom kple Israel ƒe ametsitsiwoe nye esi, eye ale kple ale nye hã meɖo aɖaŋue nye esi. 16  Eya ta netsɔ, midɔ ame woaɖagblɔ na David be: ‘Mègatsi tɔtsoƒe* la dɔ le gbea dzi o, ke boŋ dzo yi go kemɛ dzi kaba, ne menye nenema o la, woatsrɔ̃* fia la kple ame siwo katã le eŋu.’”+ 17  Yonatan+ kple Ahimaaz+ nɔ En-Rogel;+ eya ta dɔlanyɔnu aɖe yi ɖagblɔe na wo, eye woyi ɖagblɔe na Fia David, elabena atse mable wo woage ɖe dua me o. 18  Ke ɖekakpui aɖe kpɔ wo, eye wòva gblɔe na Absalom. Eye Yonatan kple Ahimaaz wɔ kaba yi ŋutsu aɖe ƒe me le Bahurim,+ ame si si vudo le le eƒe xɔxɔnu. Eye woyi ɖe eme, 19  ŋutsua srɔ̃ tsɔ nu tsyɔ vudo la nu, eye wòsia nuku gigliwo ɖe edzi; ame aɖeke menya nu tso eŋu o. 20  Eye Absalom ƒe dɔlawo va nyɔnu la gbɔ le eƒe me va biae be: “Afi kae Ahimaaz kple Yonatan le?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Wova to afi sia yi tɔa nu.”+ Eye ŋutsuawo yi ɖadi wo, ke womekpɔ wo o; eya ta wogbugbɔ yi Yerusalem. 21  Esi ŋutsuawo dzo la, wodo go le vudoa me yi ɖagblɔe na Fia David. Wogblɔ nɛ be: “Tso, eye netsɔ nàtso tɔa kaba, elabena ale kple ale Ahitofel ɖo ɖe ŋuwò.”+ 22  Enumake David kple ame siwo katã le eŋu la tso, eye wotso Yordan-tɔsisia. Kaka ŋu nake la, ame aɖeke mekpɔtɔ si metso Yordan o. 23  Esi Ahitofel kpɔ be womewɔ ɖe yeƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi o la, ebla akpa na tedzi, eye wòdzo yi eƒe me le wo de.+ Eye wòwɔ ɖoɖo na eƒe aƒemetɔwo,+ emegbe ede ka ve ku.+ Eye woɖii ɖe tɔgbuiawo ɖiƒe. 24  Ke David va Mahanayim,+ eye Absalom kple Israel ŋutsuwo tso Yordan-tɔsisi la. 25  Absalom tsɔ Amasa+ ɖo aʋakɔ la nu ɖe Yoab+ teƒe; Amasa nye Yitra Israeltɔ la, ame si dɔ Nahas vinyɔnu Abigail,+ si nye Yoab dada Zeruya nɔvinyɔnu gbɔ la, ƒe vi. 26  Eye Israel kple Absalom ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead-nyigba dzi.+ 27  Esi David va ɖo Mahanayim ko la, Sobi, Nahas vi, ame si tso Amonitɔwo ƒe du Raba+ me kple Makir,+ Amiel vi, si tso Lo-Debar kpakple Barzilai,+ Gileadtɔ la, si tso Rogelim 28  tsɔ abawo, gagbawo, zewo, lu, ƒo, wɔ, nuku tɔtɔe, gbagbayi, atiyi kple nuku ƒuƒui, 29  anyitsi, notsi kpekẽ, alẽwo kple nyinotsi bablawo vɛ. Wotsɔ nu siawo katã vɛ na David kple ame siwo le eŋu la be woaɖu,+ elabena wogblɔ be: “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu, eye tsikɔ le wo wum le gbea dzi.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “eƒe alɔwo gbɔdzɔ.”
Alo, “doawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woami.”
Agate ŋu afia, “tagba.”