2 Samuel 18:1-33

  • Absalom dzi ɖuɖu kple eƒe ku (1-18)

  • Wova gblɔ Absalom ƒe ku na David (19-33)

18  Eye David xlẽ ame siwo le eŋu la, eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple ame alafawo nu.+  Eye David ma ameawo ɖe akpa etɔ̃ me; etsɔ akpa ɖeka de Yoab+ si, etsɔ akpa evelia de Abisai,+ Zeruya vi,+ si nye Yoab nɔvi la si, eye wòtsɔ akpa etɔ̃lia de Gititɔ Itai+ si. Eye fia la gblɔ na ameawo be: “Nye hã mado ayi kpli mi.”  Ke ameawo gblɔ be: “Mele be nàyi o,+ elabena ne míesi le wo nu la, womatsi dzi ɖe mía ŋu o; eye ne míaƒe afã aku hã la, womatsi dzi ɖe mía ŋu o, elabena èle abe mía dometɔ akpe ewo ene.+ Eya ta anyo wu be nànɔ dua me anɔ alɔ dom mí ɖo ɖa.”  Fia la gblɔ be: “Nu sia nu si nyo mia ŋu la, mawɔe.” Eye fia la tɔ ɖe dugbo la xa, eye ameawo katã do go va le yiyim alafaalafa kple akpeakpe.  Eye fia la de se sia na Yoab, Abisai kple Itai be: “Migbɔ dzi ɖi na ɖekakpui Absalom nam.”+ Eye ameawo katã see esime fia la de se na tatɔawo katã le Absalom ŋu.  Ameawo ho yi gbea dzi be yewoaɖakpe kple Israel, eye aʋa la fe ati le Efrayim-ve me.+  David+ ƒe aʋawɔlawo ɖu Israel+ dzi le afi ma, eye wowu ame gbogbo aɖe gbe ma gbe; wowu ame akpe blaeve sɔŋ.  Eye aʋa la kaka ɖe nuto la katã me. Azɔ hã, ame siwo tsi ave si la sɔ gbɔ wu ame siwo tsi yi nu gbe ma gbe.  Mlɔeba Absalom kple David ƒe aʋawɔlawo va do go. Absalom nɔ tedzisɔ dom, eye tedzisɔ la va to ati gã aɖe si ƒe alɔwo vu dranyii la te, eye eƒe ta xaxa ɖe ati gã la me, eye tedzisɔ la do le ete dzo, ale wòtsi yame hele nyenyem. 10  Ŋutsu aɖe kpɔe va gblɔ na Yoab+ be: “Kpɔ ɖa! Mekpɔ Absalom wòtsi yame le ati gã aɖe me.” 11  Eye Yoab gblɔ na ŋutsu si le nyaa gblɔm nɛ la be: “Esi nèkpɔe la, nu ka tae mèda nui ƒu anyi ɖe afi ma o? Anye ne mana klosalo ewo kple alidziblanu ɖeka wò hafi.” 12  Ke ŋutsua gblɔ na Yoab be: “Ne wona klosalo akpe ɖekam hã la, nyemado asi ɖe fia ƒe vi la gbɔ o, elabena fia la de se na wò kple Abisai kpakple Itai míese be, ‘Ame ka kee mieɖanye o, mikpɔ ɖekakpui Absalom dzi nam.’+ 13  Ne ɖe megbe toɖoɖo hewui la,* nya la manɔ ɣaɣla ɖe fia la o, eye wò la, màʋli tanye o.” 14  Yoab ɖo eŋu nɛ be: “Nyemagagblẽ ɣeyiɣi ɖe ŋuwò o!” Eye wòtsɔ ga biɖoe* etɔ̃ ɖe asi yi ɖaƒo ɖe eƒe dzi gbɔ esime wògale agbe le ati gã la me. 15  Eye subɔvi ewo, siwo nye Yoab ƒe adekplɔviwo, va da nu Absalom va se ɖe esime wòku.+ 16  Azɔ Yoab ku kpẽ, ale be ameawo trɔ le Israel yome; ale Yoab na ameawo dzudzɔ aʋaa wɔwɔ. 17  Eye wokɔ Absalom ƒu gbe ɖe do gã aɖe me le ave la me, eye wofɔ kpe li kɔ gã aɖe ɖe edzi.+ Eye Israel ŋutsuwo katã si yi woƒe aƒewo me. 18  Le Absalom ƒe agbenɔɣi la, eɖi kpe aɖe na eɖokui le Fiabali+ la me, elabena egblɔ be: “Viŋutsu aɖeke mele asinye si alé nye ŋkɔ ɖe te o.”+ Eya ta etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ be Absalom Ƒe Ŋkuɖodzikpe va se ɖe egbe sia. 19  Ke Ahimaaz,+ Zadok vi gblɔ be: “Meɖe kuku, na maƒu du ahe du la ayi na fia la, elabena Yehowa tso afia nɛ, eye wòɖee tso eƒe futɔwo si me.”+ 20  Ke Yoab gblɔ nɛ be: “Màhe du aɖeke ayii egbea o. Ke boŋ àhe du ayii gbe bubu gbe, gake màtsɔ du ayi egbea o, elabena fia la ŋutɔ ƒe vi ku.”+ 21  Azɔ Yoab gblɔ na Kustɔ+ aɖe be: “Heyi ɖagblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Eye Kustɔ la bɔbɔ ɖe Yoab ŋkume, eye wòƒu du yi. 22  Ke Ahimaaz, Zadok vi la gagblɔ na Yoab be: “Nu sia nu si be yeadzɔ la, nedzɔ; meɖe kuku na nye hã maƒu du adze Kustɔ la yome.” Ke Yoab gblɔ be: “Vinye, nu ka tae wò hã nàƒu du ayi, esi womede du aɖeke asi na wò o?” 23  Ke egblɔ be: “Nu sia nu si be yeadzɔ la, nedzɔ; meɖe kuku na nye hã maƒu du ayi.” Eya ta Yoab gblɔ nɛ be: “Ƒu du yi!” Eye Ahimaaz lé du tsɔ to mɔ si ɖo ta Yordan nuto la me, eye wòva to Kustɔ la ŋu. 24  Ke David bɔbɔ nɔ agbo eveawo dome,+ eye gbetakpɔla+ la de agbo si le glia ŋu la tame. Esi wòfɔ mo dzi la, ekpɔ ŋutsu aɖe le du dzi gbɔna. 25  Eya ta gbetakpɔla la yɔ fia la gblɔe nɛ, eye fia la gblɔ be: “Ne eya ɖekae la, ekema nya aɖe le enu.” Esi wòle dua dzi le aƒe tum la, 26  gbetakpɔla la gakpɔ ŋutsu bubu wòle du dzi gbɔna. Eya ta gbetakpɔla la yɔ agbonudzɔla la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Ŋutsu bubu aɖe hã le du dzi gbɔna!” Eye fia la ɖo eŋu be: “Eya hã he du aɖe gbɔna.” 27  Eye gbetakpɔla la gagblɔ be: “Mekpɔ be ame gbãtɔ la ƒe duƒuƒu ɖi Ahimaaz,+ Zadok vi ƒe duƒuƒu,” eye fia la gblɔ be: “Ame nyui wònye, eye nya nyui wòahe avɛ.” 28  Eye Ahimaaz yɔ fia la gblɔ nɛ be: “Eme nyo!” Eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume. Eye wògagblɔ be: “Woakafu Yehowa wò Mawu, ame si tsɔ ame siwo dze aglã ɖe nye aƒetɔ fia ŋu la de asi!”+ 29  Ke fia la biae be: “Ðekakpui Absalom li nyuiea?” Ahimaaz ɖo eŋu be: “Mekpɔ zitɔtɔ gã aɖe esime Yoab dɔ fia ƒe dɔla kple wò dɔla la, gake nyemenya nu si wònye o.”+ 30  Eya ta fia la gblɔ be: “Te ɖe aga, va tɔ ɖe afii.” Eye wòte ɖe aga hetɔ ɖi. 31  Eye Kustɔ la hã va ɖo,+ eye Kustɔ la gblɔ be: “Mehe du vɛ na nye aƒetɔ fia, Yehowa tso afia na wò egbea, eye wòɖe wò tso ame siwo katã dze aglã ɖe ŋuwò la si me.”+ 32  Ke fia la bia Kustɔ la be: “Ðekakpui Absalom li nyuiea?” Eye Kustɔ la ɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ fia ƒe futɔwo kple ame siwo katã dze aglã ɖe eŋu be yewoawɔ vɔ̃e la, nazu abe ɖekakpui la ene!”+ 33  Nya sia ɖe fu na fia la, eye wòyi xɔtaxɔ si le dugboa tame la me, eye wòfa avi, nɔ yiyim nɔ gbɔgblɔm be: “Vinye Absalom, vinye, vinye Absalom! Ne nyee ku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu, Absalom vinye, vinye!”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ne ɖe megbe toɖoɖo hewɔ nu vevi eƒe luʋɔ la.”
Agate ŋu afia, “dawo; akplɔwo.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “atiwo.”