2 Samuel 2:1-32

  • David ɖu fia ɖe Yuda dzi (1-7)

  • Is-Boset ɖu fia ɖe Israel dzi (8-11)

  • Aʋa dzɔ ɖe David ƒe aƒe kple Saul ƒe aƒe dome (12-32)

2  Emegbe David bia gbe Yehowa+ be: “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be: “Yi.” Eye David gabia be: “Afi kae mayi?” Egblɔ be: “Yi Hebron.”+  Ale David kple srɔ̃a eveawo yi afi ma: Ahinoam+ si tso Yezreel kple Abigail,+ si nye Karmeltɔ Nabal ƒe ahosi.  David kplɔ ŋutsu siwo le eŋu la hã yii,+ wo dometɔ ɖe sia ɖe kple eƒemetɔwo, eye wonɔ Hebron nutoa ƒe duwo me.  Eye Yuda ŋutsuwo va si ami na David le afi ma be wòaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi.+ Wogblɔ na David be: “Yabes-Gileadtɔwoe ɖi Saul.”  Eya ta David dɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo hegblɔ na wo be: “Yehowa neyra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu heɖii.+  Eya ta Yehowa neve mia nu eye wòawɔ nuteƒe na mi. Nye hã mawɔ nyui na mi le esi miewɔ nu sia ta.+  Azɔ misẽ ŋu, eye miwɔ kalẽ, elabena miaƒe aƒetɔ Saul ku, eye nyee Yuda ƒe aƒe la si ami na be manye yewoƒe fia.”  Ke Saul ƒe aʋafia Abner,+ Ner vi la, kplɔ Saul vi Is-Boset+ tso tɔ la yi Mahanayim,+  eye wòtsɔe ɖo fia ɖe Gileadtɔwo,+ Asurtɔwo, Yezreeltɔwo,+ Efrayimtɔwo,+ Benyamintɔwo kple Israel blibo la dzi. 10  Saul viŋutsu Is-Boset xɔ ƒe blaene esime wòzu fia ɖe Israel nu, eye wòɖu fia ƒe eve. Ke Yuda ƒe aƒe la ya nɔ David yome.+ 11  David ɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi le Hebron ƒe adre kple ɣleti ade.+ 12  Emegbe Abner, Ner vi kple Saul vi Is-Boset ƒe amewo ho tso Mahanayim+ yi Gibeon.+ 13  Eye Yoab,+ Zeruya vi+ kple David ŋumewo hã ho, eye wova do go le Gibeon ta la to; akpa ɖeka nɔ ta la ƒe go ɖeka dzi, eye evelia hã nɔ go kemɛ dzi. 14  Mlɔeba Abner gblɔ na Yoab be: “Na ɖekakpuiawo natso awɔ avu* le mía ŋkume.” Yoab ɖo eŋu be: “Na woatso.” 15  Ale wotso hetso ta la le woƒe xexlẽme nu, ame wuieve nye Saul vi Is-Boset ŋumewo tso Benyamin, eye ame wuieve nye David ŋumewo. 16  Eye wolé ta na wo nɔewo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒo eƒe yi ɖe nɔvia ƒe axadame, ale be wo katã wodze anyi zi ɖeka. Eye wona ŋkɔ teƒe ma be Helkat-Hazurim; ele Gibeon. 17  Aʋa la nu sẽ ŋutɔ gbe ma gbe, eye David ŋumewo si Abner kple Israel ŋutsuwo. 18  Zeruya vi+ etɔ̃awo, Yoab,+ Abisai+ kple Asahel+ hã nɔ afi ma; Asahel ƒe afɔ tsɔna abe sãde le gbe me ene. 19  Eye Asahel nya Abner ɖe nu, eye medze ɖe ɖusime alo miame le Abner yome o. 20  Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe la, egblɔ be, “Asahel, wòe nye ema?” eye wòɖo eŋu be, “Nyee.” 21  Eye Abner gblɔ nɛ be: “Dze ɖe ɖusime alo miame, ne nàlé ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka, eye nàtsɔ nu si nèɖe le eŋu la na ɖokuiwò.” Ke Asahel medi be yeatrɔ le eyome o. 22  Eye Abner gagblɔ na Asahel be: “Trɔ le yonyeme. Nu ka tae mada nu wò aƒu anyi? Aleke mawɔ agakpɔ nɔviwò Yoab ŋkume?” 23  Ke egbe tɔtrɔ, eye Abner tsɔ akplɔti la ƒe megbe tɔ dɔme nɛ,+ eye akplɔ la ŋɔe do go ɖe eƒe dzime; eye wòdze anyi heku enumake. Eye ne ame sia ame va ɖo afi si Asahel dze anyi ku ɖo la, etɔna ɖi. 24  Eyome Yoab kple Abisai nya Abner ɖe nu. Esime ɣe nɔ to ɖom la, wova Ama togbɛ, si le Gia ŋgɔ le Gibeon gbedzimɔ dzi la dzi. 25  Eye Benyamin viwo ƒo ƒu ɖe Abner ŋu hezu hatsotso gã ɖeka le afi ma, eye wotɔ ɖe togbɛ aɖe tame. 26  Eye Abner yɔ Yoab gblɔ be: “Ðe yi anɔ nuɖuɖu dzi ɖaa? Mènyae be vevesese ko wòahe vɛ oa? Ɣekaɣie nàgblɔ na ameawo be woatrɔ le wo nɔviwo yome?” 27  Eye Yoab gblɔ be: “Zi ale si Mawu vavã la le agbe la, ne menye ɖe nèƒo nu o la, anye ne etsɔ ŋdi hafi ameawo dometɔ ɖe sia ɖe nagbugbɔ le nɔvia yome.” 28  Azɔ Yoab ku lãdzo, eye eƒe amewo dzudzɔ Israel yome titi, eye aʋaa ke. 29  Abner kple eƒe amewo zɔ to Araba*+ zã blibo la katã, eye wotso Yordan-tɔsisia hezɔ to bali blibo la me, eye mlɔeba wova Mahanayim.+ 30  Esi Yoab trɔ le Abner yome la, eƒo ameawo katã nu ƒu. Eye ame wuiasieke hekpe ɖe Asahel ŋu megale David ƒe amewo dome o. 31  Ke David ŋumewo ɖu Benyamin kple Abner ƒe amewo dzi, eye wowu ame alafa etɔ̃ blaade le wo dome. 32  Wokɔ Asahel+ yi ɖaɖi ɖe fofoa ƒe yɔdo si le Betlehem+ la me. Yoab kple eƒe amewo zɔ zã blibo la katã, eye woɖo Hebron+ le ŋdi.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nate kame.”
Alo, “tagba.”