2 Samuel 20:1-26

  • Seba dze aglã; Yoab wu Amasa (1-13)

  • Woti Seba yome eye wotso ta le enu (14-22)

  • David tia dɔnunɔlawo (23-26)

20  Ke ŋutsu yakame aɖe le afi ma, si ŋkɔe nye Seba,+ eye wònye Benyamintɔ Bikri vi. Eku kpẽ+ hegblɔ be: “Gome aɖeke mele mía si le David gbɔ o, eye domenyinu aɖeke mele Isai vi+ la gbɔ na mí o. Oo Israel, ame sia ame neyi eƒe mawuwo gbɔ!”*+  Ale Israel ŋutsuwo katã trɔ le David yome dze Seba, Bikri+ vi la yome, ke Yuda ŋutsuwo ya lé ɖe woƒe fia la ŋu tso Yordan va se ɖe Yerusalem.+  Esi David va eƒe* me le Yerusalem+ la, fia la tu nyɔnu ewo siwo nye eƒe ahiã siwo wògblẽ ɖe megbe be woakpɔ aƒea dzi+ la ɖe aƒe aɖe me, eye wodzɔa wo ŋu. Enaa nuɖuɖu wo, ke medɔ kpli wo o.+ Wonɔ aƒe la me va se ɖe woƒe kugbe, eye wozu abe ahosiwo ene, evɔ wo srɔ̃ le agbe hafi.  Eye fia la gblɔ na Amasa+ be: “Yɔ Yuda ŋutsuwo ƒo ƒu ɖe gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ me, eye wò ŋutɔ hã nàva afi sia.”  Eye Amasa yi be yeaɖayɔ Yuda aƒo ƒui, ke ɣeyiɣi si fia la ɖo nɛ la de gbɔ edzi hafi wògbɔ.  Eye David gblɔ na Abisai+ be: “Seba,+ Bikri vi awɔ nu vevi mí wu Absalom.+ Kplɔ wò aƒetɔ ƒe subɔviwo nàti eyome, ale be wòagaɖo du sesẽ aɖeke me ne wòasi le mía gbɔ o.”  Ale Yoab+ ƒe amewo kple Keretitɔwo, Peletitɔwo+ kple ŋutsu kalẽtɔwo katã ho dze eyome; eye woho tso Yerusalem ti Seba, Bikri vi yome.  Esi wogogo kpe gã si le Gibeon+ gbɔ la, Amasa+ va do go wo. Ke Yoab do eƒe aʋawu hebla ali dzi, eye wòta yi si le aku me la ɖe edzi le aklito. Esi wòte ɖe eŋu la, yi la ge dze anyigba.  Yoab bia Amasa be: “Nɔvinye, èli nyuiea?” Eye Yoab tsɔ ɖusi lé Amasa ƒe ge abe ɖe wòbe yeagbugbɔ nu nɛ ene. 10  Ke Amasa menɔ ŋudzɔ ɖe yi si le Yoab si la ŋu o; ale Yoab ƒo yi la ɖe dɔme nɛ,+ eye eƒe dɔkaviwo dudu ɖe anyigba. Mehiã be wòagaƒoe ɖee ake o; ema ɖeɖe wui. Ke Yoab kple nɔvia Abisai ti Seba, Bikri vi la yome. 11  Yoab ƒe ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka tɔ ɖe egbɔ nɔ gbɔgblɔm be: “Ame si le Yoab ƒe akpa dzi kple ame si nye David tɔ la, nedze Yoab yome!” 12  Ɣemaɣi Amasa nɔ mimlim le eƒe ʋu me le mɔ la dzi. Esi ŋutsu la kpɔ be ameawo katã va tɔna ɖe afi ma la, ehe Amasa ɖa le mɔ la dzi yi gbe me. Eye wòtsɔ avɔ tsyɔ edzi, elabena ekpɔ be ame sia ame si va ɖo egbɔ la tɔna ɖi. 13  Esi wònya hee ɖa le mɔa dzi ko la, ame sia ame to eŋu dze Yoab yome be woati Seba,+ Bikri vi la yome. 14  Ke Seba yi ɖatsa le Israel-toawo katã me va se ɖe Abel le Bet-Maaka.+ Eye Bikritɔwo katã hã ƒo ƒu hedze eyome. 15  Eye Yoab kple eƒe amewo va* ɖe to ɖe Seba le Abel le Bet-Maaka, eye woƒu kpo ɖe du si ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la ŋu. Eye ame siwo katã le Yoab ŋu la nɔ glia te kum be yewoamui. 16  Eye nyɔnu dzeaɖaŋu aɖe do ɣli tso du la me be: “Miɖo to, miɖo to! Meɖe kuku, migblɔ na Yoab be, ‘Va afii, ne magblɔ nya aɖe na wò.’” 17  Eya ta ete ɖe eŋu, eye nyɔnua biae be: “Wòe nye Yoab la?” eye wòɖo eŋu be: “Nyee.” Eye wògblɔ nɛ be: “Se wò dɔlanyɔnu ƒe nyawo.” Egblɔ be: “Mele to dzi.” 18  Eye nyɔnua yi edzi gblɔ be: “Le blema la, wogblɔna be, ‘Woabia nu ta se le Abel, ekema nya la wua enu.’ 19  Mele Israel ƒe ame fafawo kple nuteƒewɔlawo teƒe. Èle didim be yeatsrɔ̃ du si le abe vidada ene la le Israel. Nu ka tae nèdi be yeatsrɔ̃* Yehowa ƒe domenyinu?”+ 20  Yoab ɖo eŋu be: “Nyemeva be magblẽ edome ahatsrɔ̃e o. 21  Menye nya lae nye ema kura o. Ke boŋ ŋutsu aɖe si tso Efrayim tonuto+ la me, si ŋkɔe nye Seba,+ eye wònye Bikri vi lae dze aglã* ɖe Fia David ŋu. Ne mieɖe eya ɖeɖe na la, ekema madzo le dua ŋu.” Eye nyɔnua gblɔ na Yoab be: “Kpɔ ɖa! Woatsɔ eƒe ta aƒu gbe ɖo ɖe wò to glia ta!” 22  Enumake nyɔnu dzeaɖaŋu la yi ameawo gbɔ, eye wotso ta le Seba, Bikri vi la nu tsɔ ƒu gbe ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ, eye wokaka le dua ŋu, eye ame sia ame trɔ yi aƒe me;+ eye Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem. 23  Yoab le Israel ƒe aʋakɔ bliboa nu;+ Benaya,+ Yehoyada+ vi le Keretitɔwo kple Peletitɔwo+ nu. 24  Adoram+ le dzizizidɔwɔlawo nu; eye Yehosafat,+ Ahilud vi nye nuŋlɔla. 25  Seva nye agbalẽŋlɔla, eye Zadok+ kple Abiatar+ nye nunɔlawo. 26  Eye Ira, Yairtɔ la, hã va zu David ƒe dɔnunɔla.*

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “agbadɔwo me.”
Alo, “fiasã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye wova.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yeami.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “do eƒe asi ɖe dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nunɔla.”