2 Samuel 24:1-25

  • David wɔ nu vɔ̃ esi wòxlẽ dukɔ la (1-14)

  • Dɔvɔ̃ wu ame 70,000 (15-17)

  • David ɖi vɔsamlekpui (18-25)

    • Nyemasa vɔ na nye Mawu la dzodzro o (24)

24  Eye Yehowa ƒe dɔmedzoe gabi ɖe Israel ŋu,+ elabena woƒoe ɖe David nu be wòawɔ nu si agblẽ nu le dukɔa ŋu gblɔ be: “Yi ɖaxlẽ+ ame siwo le Israel kple Yuda.”+  Eya ta fia la gblɔ na aʋafia Yoab,+ si le eŋu la be: “Meɖe kuku, yi ɖatsa le Israel-toawo katã me, tso Dan va se ɖe Beer-Seba,+ ne miaŋlɔ dukɔ la me tɔwo ŋkɔ, ale be manya dukɔ la ƒe xexlẽme.”  Ke Yoab gblɔ na fia la be: “Yehowa wò Mawu nena dukɔ la nadzi ɖe edzi zi alafa, eye nye aƒetɔ fia ŋutɔ ƒe ŋkuwo nakpɔe, ke nu ka tae nye aƒetɔ fia la di be yeawɔ nu sia?”  Gake fia la ƒe nya kpe Yoab kple aʋakɔawo ƒe tatɔwo tɔ dzi. Eya ta Yoab kple aʋakɔawo ƒe tatɔwo dzo le fia la ŋkume be woayi aɖaŋlɔ Israel dukɔ la me tɔwo ŋkɔ.+  Wotso Yordan-tɔsisia heva ƒu asaɖa anyi ɖe Aroer,+ ɖe du si le tɔʋu la titina ƒe ɖusime* ɖo ta Gadtɔwo ƒe nuto me kple Yazer+ lɔƒo.  Emegbe wova Gilead+ kple Tahtim-Hodsi-nyigba dzi, eye wolɔe ɖe eme yi Dan-Yaan hetrɔ ɖo ta Sidon.+  Eye wova Tiro+ ƒe mɔ́ sesẽ la gbɔ kple Hivitɔwo+ kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me, mlɔeba wova wu enu ɖe Beer-Seba,+ si le Yuda ƒe Negeb.*+  Ale woyi ɖatsa le anyigba blibo la katã dzi, eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem le ɣleti asieke kple ŋkeke blaeve megbe.  Eye Yoab tsɔ dukɔ la me tɔ siwo ŋkɔ woŋlɔ la ƒe xexlẽme na fia la. Israel ŋutsu aʋawɔla siwo ate ŋu ata yi la ƒe xexlẽme le ame akpe alafa enyi, eye Yuda ŋutsuwo le ame akpe alafa atɔ̃.+ 10  Ke David ƒe dzi lã kpo*+ esi wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe. Eya ta David gblɔ na Yehowa be: “Mewɔ nu vɔ̃+ ŋutɔ be mewɔ nu sia. Eya ta Yehowa, meɖe kuku, tsɔ wò subɔla ƒe vodada la kee;+ elabena mewɔ bometsinu ŋutɔ.”+ 11  Esi David fɔ le ŋdi me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Gad,+ si nye David ƒe ŋutegakpɔla be: 12  “Yi ɖagblɔ na David be: ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nu etɔ̃ metsɔ ɖo ŋkuwòme. Tia wo dometɔ ɖeka, ne mawɔ wò.”’”+ 13  Ale Gad va David gbɔ, eye wòto nya la nɛ gblɔ be: “Dɔ nato le wò anyigba dzi ƒe adre loo,+ alo be nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃, esi wonya wò ɖe nu loo,+ alo dɔvɔ̃ nava wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a?+ Azɔ bu eŋu, ne nàgblɔ nya aɖe nam mayi aɖagblɔ na Ame si dɔm.” 14  David gblɔ na Gad be: “Mexaxa ŋutɔ. Meɖe kuku, na míadze Yehowa si me,+ elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ;+ ke mègana madze amegbetɔ si me o.”+ 15  Azɔ Yehowa na dɔvɔ̃+ va Israel tso ŋdi va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi, ale be ame akpe blaadre ku+ le dukɔ la me tso Dan va se ɖe Beer-Seba.+ 16  Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖe Yerusalem dzi, be yeatsrɔ̃e la, vɔ̃ la ve Yehowa,*+ eya ta egblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le dukɔ la dome be: “Enyo! Ðiɖi wò asi azɔ.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Yebusitɔ+ Arauna+ ƒe nukuƒoƒe gbɔ lɔƒo. 17  Esi David kpɔ mawudɔla si le ameawo wum la, egblɔ na Yehowa be: “Nyee wɔ nu vɔ̃, nyee da vo; ke alẽ+ siawo ɖe, nu kae wowɔ? Meɖe kuku, wò asi neva nye kple fofonye ƒe aƒe la dzi boŋ.”+ 18  Eya ta Gad va David gbɔ gbe ma gbe va gblɔ nɛ be: “Yi Yebusitɔ Arauna ƒe nukuƒoƒe nàɖi vɔsamlekpui na Yehowa.”+ 19  Ale David yi le Gad ƒe nya la nu, abe ale si Yehowa de see ene. 20  Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, enumake Arauna do yi ɖabɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume. 21  Eye Arauna biae be: “Nu ka tae nye aƒetɔ fia va eƒe subɔvi gbɔ?” David ɖo eŋu be: “Wò nukuƒoƒe la ƒle gee meva, ne maɖi vɔsamlekpui na Yehowa, ale be dɔvɔ̃ la nu natso le dukɔ la dome.”+ 22  Ke Arauna gblɔ na David be: “Nye aƒetɔ fia netsɔe, ne wòatsɔ nu si nyo eŋu la asa vɔe faa. Nyiwoe nye esi be woatsɔ asa numevɔ, eye luƒotasiaɖam kple nyiawo ŋuti nuwo nanye nake. 23  Oo fia, wò subɔvi Arauna tsɔ nu siawo katã na fia la.” Eye Arauna gagblɔ na fia la be: “Yehowa wò Mawu la neve nuwò.” 24  Ke fia la gblɔ na Arauna be: “Kpao, ɖeko maƒlee le asiwò kple ga. Nyemasa numevɔ na Yehowa, nye Mawu la, dzodzro o.” Eya ta David ƒle nukuƒoƒe la kple nyiawo klosalo sekel* blaatɔ̃.+ 25  Eye David ɖi vɔsamlekpui+ ɖe afi ma na Yehowa, eye wòsa numevɔ kple ŋutifafavɔ. Eye Yehowa lɔ̃ se kuku si woɖe ɖe anyigba la ta,+ ale be dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “anyiehe.”
Alo, “Anyiehe.”
Alo, “ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ.”
Alo, “te ɖe Yehowa dzi.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.