2 Samuel 3:1-39

  • David ƒe aƒe la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi (1)

  • David viwo (2-5)

  • Abner va wɔ ɖeka kple David (6-21)

  • Yoab wu Abner (22-30)

  • David fa Abner (31-39)

3  Aʋa nɔ Saul ƒe aƒe la kple David ƒe aƒe dome eteƒe didi; eye David nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi,+ ke Saul ƒe aƒe la nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi.+  Ɣemaɣi la, wodzi ŋutsuviwo na David le Hebron:+ eƒe ŋgɔgbevie nye Amnon,+ si Ahinoam,+ Yezreel nyɔnu la dzi.  Via eveliae nye Kileab, si Abigail,+ ame si nye Karmeltɔ Nabal ƒe ahosi la dzi, eye etɔ̃liae nye Absalom,+ si Maaka, Gesur-fia Talmai+ vinyɔnu dzi.  Eneliae nye Adoniya,+ si nye Hagit vi, eye atɔ̃liae nye Sefatiya, si nye Abital vi.  Adeliae nye Yitream, si David srɔ̃ Egla dzi. Ame siawoe wodzi na David le Hebron.  Esime aʋa si nɔ Saul ƒe aƒe kple David ƒe aƒe dome nɔ edzi yim la, Abner+ nɔ ŋusẽ dom eƒe ɖoƒe le Saul ƒe me.  Ke ahiãvi aɖe nɔ Saul si, si ŋkɔe nye Rizpa,+ eye wònye Aya vinyɔnu. Emegbe Is-Boset+ bia Abner be: “Nu ka tae nèdɔ fofonye ƒe ahiã gbɔ?”+  Eye Abner do dziku vevie le Is-Boset ƒe nyawo ta hegblɔ be: “Avu ƒe tae menye le Yuda? Meve fofowò Saul ƒe aƒe kple nɔviawo kpakple exɔlɔ̃awo nu va se ɖe egbe, eye nyemetsɔ mi de asi na David o; eye wòa nèle nya hem ɖe ŋunye egbea be meda vo le nyɔnu ta?  Eya ta Mawu nefia Abner ne wòagafiae ɖe edzi, ne nyemewɔ na David abe ale si tututu Yehowa ka atam nɛ ene:+ 10  be yeaxɔ fiaɖuƒe la le Saul ƒe aƒe la si, eye yeali ke David ƒe fiazikpui ɖe Israel kple Yuda dzi tso Dan va se ɖe Beer-Seba o fĩ!”+ 11  Eye Is-Boset megate ŋu gblɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eŋu na Abner o, elabena enɔ evɔ̃m.+ 12  Ale Abner dɔ amewo ɖo ɖe David enumake gblɔ be: “Ame ka tɔe anyigba la nye?” Eye wògblɔ kpee be: “Bla nu kplim, eye mawɔ nu sia nu si mate ŋui* atrɔ Israel blibo la katã ɖe ŋuwò.”+ 13  Eɖo eŋu be: “Enyo ta! Mabla nu kpli wò. Nu ɖeka ko biam mele tso asiwò, eyae nye be: ‘Màkpɔ nye ŋkume o, negbe ɖe nèkplɔ Saul vinyɔnu Mikal+ vɛ nam gbã ko hafi ava kpɔ nye ŋkume.’” 14  Azɔ hã, David dɔ amewo ɖo ɖe Saul vi Is-Boset+ gblɔ be: “Gbugbɔ srɔ̃nye Mikal, si ta metsɔ Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka na ɖo la nam.”+ 15  Eya ta Is-Boset dɔ woɖakplɔe le srɔ̃a Paltiel,+ Lais vi gbɔ vɛ. 16  Ke srɔ̃a dze eyome nɔ avi fam kplɔe ɖo va ɖo keke Bahurim+ ke. Eye Abner gblɔ nɛ be: “Trɔ yi aƒe me!” Enumake wògbugbɔ. 17  Ke Abner ɖo du ɖe Israel ƒe ametsitsiwo be: “Ɣeyiɣi aɖee nye esia miedi be David nanye fia ɖe mia nu. 18  Miwɔe azɔ, elabena Yehowa gblɔ na David be: ‘Nye subɔla David ƒe asi dzie+ mato aɖe nye dukɔ Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔwo katã si me.’” 19  Eye Abner ƒo nu na Benyamin viwo+ hã. Emegbe Abner yi ɖagblɔ nu siwo katã dzi Israel kple Benyamin ƒe aƒe blibo la lɔ̃ ɖo la na David le Hebron. 20  Esi Abner kple ŋutsu blaeve siwo le eŋu la va David gbɔ le Hebron la, David ɖo kplɔ̃ na Abner kple eŋumeawo. 21  Eye Abner gblɔ na David be: “Na mayi aɖaƒo Israel blibo la katã nu ƒu ɖe nye aƒetɔ fia ŋu, ne woabla nu kpli wò, ne nànye fia ɖe nu sia nu si nèdi* la dzi.” Eya ta David do mɔ Abner wòdzo le ŋutifafa me. 22  Ɣemaɣi tututu la, David ƒe dɔlawo kple Yoab yi ɖadze ame aɖewo dzi trɔ gbɔna, eye wohe aboyonu geɖe gbɔe. Ke Abner megale David gbɔ le Hebron o, elabena edo mɔe wòdzo yina le ŋutifafa me. 23  Esi Yoab+ kple eŋumeawo gbɔ la, wogblɔ na Yoab be: “Abner,+ Ner+ vi, va fia la gbɔ, eye wòdo mɔe wòdzo yina le ŋutifafa me.” 24  Eye Yoab yi fia la gbɔ gblɔ be: “Nu kae nye esi nèwɔ? Abner va gbɔwò. Nu ka tae nèdo mɔe wòdzo nenema ko? 25  Ènya Abner, Ner vi la nyuie, ɖe wòva be yeava ble wò, ne yeanya wò afɔɖeɖewo ahanya nu siwo katã wɔm nèle.” 26  Eya ta Yoab dzo le David gbɔ hedɔ ame ɖo ɖe Abner yome, eye wotrɔe tso Sira tsido la gbɔ gbɔe; gake David ya menya o. 27  Esi Abner trɔ va Hebron+ la, Yoab ɖe kpɔe woge ɖe dugbo la me be yeaƒo nu kplii. Ke eƒo yi ɖe dɔme nɛ le afi ma wòku+ le esi wòwu nɔvia Asahel+ ta.* 28  Esi David see emegbe la, egblɔ be: “Nye kple nye fiaɖuƒe míeɖi fɔ le Abner, Ner vi, ƒe ʋu+ me o le Yehowa ŋkume tegbee. 29  Netrɔ va Yoab+ ƒe ta kple fofoa ƒe aƒe blibo la dzi. Eye ŋutsu afuɖɔla+ alo kpodɔléla+ alo ŋutsu ɖetitrela* alo ame si tsi yi nu loo alo dɔwuitɔ nu megatso le Yoab ƒe me o!”+ 30  Ale Yoab kple nɔvia Abisai+ wu Abner+ elabena ewu wo nɔvi Asahel le aʋa+ me le Gibeon. 31  Eye David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be: “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ta.” Eye Fia David ŋutɔ gɔ̃ hã dze amekukugba la yome. 32  Woɖi Abner ɖe Hebron; eye fia la fa avi hehehe le Abner ƒe yɔdo to, eye ameha la hã fa avi sesĩe. 33  Eye fia la kpa konyifaha na Abner gblɔ be: “Ðe Abner aku abe yakame enea? 34  Womebla asi na wò o,Eye womede kunyowu* afɔ na wò o. Èku abe ale si wokuna ɖe hlɔ̃dolawo* si me ene.”+ Ale ameawo katã gafae ɖe edzi wu. 35  Emegbe ameha blibo la tsɔ abolo* vɛ na David esi zã medo haɖe o be woafa akɔ nɛ, ke David ka atam be: “Mawu nefiam, eye wòagafiam ɖe edzi, ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to fĩ!”+ 36  Eye ameha la katã kpɔe, eye wòdze wo ŋu. Nu sia nu si fia la wɔ la dze ameha la ŋu. 37  Ameha la katã kple Israel blibo la dze sii gbe ma gbe be, menye fia la gbɔ wòtso be wowu Abner, Ner vi la o.+ 38  Eye fia la gblɔ na eŋumewo be: “Ðe mienyae be amegã kple ame ŋkuta aɖee ku egbea le Israel oa?+ 39  Togbɔ be nyee wosi ami na mezu fia+ hã la, megbɔdzɔ egbea, Zeruya viŋutsu+ siawo sesẽ nam akpa.+ Yehowa neɖo eteƒe na vɔ̃wɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la nu.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye kpɔ ɖa! nye asi anɔ kpli wò.”
Alo, “wò luʋɔ di.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le nɔvia Asahel ƒe ʋu ta.”
Ðewohĩ efia ŋutsu wɔmetɔ si wòahiã be wòawɔ nyɔnuwo ƒe dɔ.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “akɔblikunyowu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame madzɔmadzɔwo.”
Alo, “nuxaxabolo.”