2 Samuel 6:1-23

  • Wokɔ Aɖaka la va Yerusalem (1-23)

    • Uza lé Aɖaka la eye wòku enumake (6-8)

    • Mikal do vlo David le eƒe dzi me (16, 20-23)

6  Eyome David gaƒo Israel ƒe kalẽtɔ tiatiawo katã nu ƒu, wole ame akpe blaetɔ̃.  Eye David kple dukɔ blibo si le eŋu la dze mɔ yi Baale-Yuda be yewoaɖakɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka,+ si ŋgɔ woyɔa aʋakɔwo ƒe Yehowa,+ ame si bɔbɔ nɔ kerubiwo tame*+ ƒe ŋkɔ le la, tso afi ma vɛ.  Ke wokɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye dzi,+ be woakɔe tso Abinadab ƒe aƒe,+ si le togbɛ aɖe dzi la me; eye Abinadab vi Uza kple Ahiyo le tasiaɖam yeye la kplɔm.  Ale wokɔ Mawu vavã ƒe Aɖaka la tso Abinadab ƒe aƒe si le togbɛa dzi la me, eye Ahiyo dze Aɖaka la ŋgɔ.  Eye David kple Israel ƒe aƒe blibo la tsɔ haƒonu siwo wotsɔ sesewu wɔ, kple saŋkuwo, kasaŋkuwo,+ axatsɛwo,+ nyawowoewo kple gakogoewo+ le aseye tsom le Yehowa ŋkume.  Esi wova ɖo Nakon ƒe nukuƒoƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu vavã ƒe Aɖaka la,+ elabena nyiawo na aɖaka la ge kloe.  Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Uza ŋu, eye Mawu vavã la ƒoe ƒu anyi+ ɖe afi ma le eƒe mawumavɔmavɔ̃ ta,+ eye wòku ɖe afi ma ɖe Mawu vavã la ƒe Aɖaka la xa.  Gake David do dziku le esi Yehowa ƒe dziku fla ɖe Uza ŋu ta; eye wova yɔ teƒe ma be Perez-Uza* va se ɖe egbe sia.  Eye David vɔ̃ Yehowa+ gbe ma gbe hegblɔ be: “Aleke Yehowa ƒe Aɖaka la ava gbɔnyee?”+ 10  Eye David melɔ̃ be yeakɔ Yehowa ƒe Aɖaka la ava ye gbɔ le David Ƒe Du la me o.+ Ke boŋ David na wokɔe yi Gititɔ Obed-Edom ƒe me.+ 11  Ale Yehowa ƒe Aɖaka la nɔ Gititɔ Obed-Edom ƒe me ɣleti etɔ̃, eye Yehowa yra Obed-Edom kple eƒe aƒe blibo la.+ 12  Eye wova gblɔ na Fia David be: “Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu vavã la ƒe Aɖaka la ta.” Eya ta David yi ɖakɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va David Ƒe Du la me kple dzidzɔ.+ 13  Esi Yehowa ƒe Aɖaka la kɔlawo+ nya ɖe afɔ zi ade ko la, etsɔ nyitsu ɖeka kple lã dami ɖeka sa vɔe. 14  David ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume; ɣemaɣi la, David do aklalakɔmewu.*+ 15  Eye David kple Israel ƒe aƒe blibo la le aseye tsom+ le lãdzo kum+ hekɔ Yehowa ƒe Aɖaka+ la gbɔna. 16  Esi Yehowa ƒe Aɖaka la ɖo David Ƒe Du la me la, Saul vinyɔnu Mikal+ do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ Fia David wòle kpo tim le ɣe ɖum le Yehowa ŋkume; eye wòdo vloe le eƒe dzi me.+ 17  Ale wokɔ Yehowa ƒe Aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ si David tu nɛ la me.+ Eyome David sa numevɔ+ kple ŋutifafavɔ+ le Yehowa ŋkume.+ 18  Esi David sa numevɔawo kple ŋutifafavɔawo vɔ la, eyra dukɔ la le aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe ŋkɔ me. 19  Azɔ hã, ema abolo kotoe ɖekaɖeka, ayedibolo ɖekaɖeka kple waintsetse ƒuƒu bolo ɖekaɖeka na Israel ƒe ha blibo la me tɔ ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, emegbe ame sia ame dzo yi aƒe me. 20  Esi David yi eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo yra ge la, Saul vinyɔnu Mikal+ do go va kpee. Eye wògblɔ be: “Aleke Israel-fia de bubu eɖokui ŋu egbea ale, esime wòɖe ama le esubɔviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋkume, abe ale si ko ŋutsu tagbɔkukutɔwo ɖea amae ene!”+ 21  Eye David gblɔ na Mikal be: “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe aƒe blibo la teƒe, eye wòɖom kplɔla ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu+ la ŋkumee mewɔe le. Eya ta matso aseye le Yehowa ŋkume, 22  magaɖi gbɔ ɖokuinye wu esia ahaɖe ɖokuinye dzi kpɔtɔ. Gake dɔlanyɔnu siwo ƒe nya nègblɔ la ade bubu ŋunye.” 23  Eya ta Saul vinyɔnu Mikal+ tsi ko va se ɖe eƒe kugbe.

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “dome.”
Egɔmee nye, “Wodze Uza Dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “xatsa aklalakɔmewu ɖe eɖokui ŋu.”