2 Timoteo 1:1-18

  • Gbedonamewo (1, 2)

  • Paulo da akpe na Mawu ɖe Timoteo ƒe xɔse ta (3-5)

  • De dzo Mawu ƒe nunana la me (6-11)

  • Yi edzi nàlé nya siwo le blibo la me ɖe asi (12-14)

  • Paulo ƒe futɔwo kple exɔlɔ̃wo (15-18)

1  Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, le agbe si ŋugbe wodo to Kristo Yesu dzi la nu,+  le esia ŋlɔm na vinye lɔlɔ̃a Timoteo:+ Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ gbɔ la, nanɔ kpli wò.  Medaa akpe na Mawu, ame si metsɔ dzitsinya dzadzɛ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na, abe ale si tɔgbuinyewo wɔe ene, be nyemedzudzɔ ŋkuɖoɖo dziwò le nye kokoƒoƒowo me zã kple keli o.  Ne meɖo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam vevie be makpɔ wò, ale be dzidzɔ nayɔm fũu.  Elabena meɖoa ŋku wò xɔse si me alakpa mele o,+ si nɔ mamawò Lois kple dawò Eunike me gbã, eye meka ɖe edzi be ele wò hã mewò, la dzi.  Susu sia tae mele ŋku ɖom edzi na wò be, nàde dzo Mawu ƒe nunana si le mewò si nèxɔ esi meda nye asi ɖe dziwò la me.+  Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o,+ ke ŋusẽ+ kple lɔlɔ̃ kpakple ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ boŋ.  Eya ta ŋu megakpe wò le ɖaseɖiɖi le mía Aƒetɔ la ŋu o,+ alo le nye, ame si nye gamenɔla le eta la ŋuti o, ke boŋ kpe fu le xaxa me faa+ le nya nyui la ta eye nàɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ la ŋu.+  Eɖe mí, eye wòkpe mí hena ame yɔyɔ kɔkɔe la,+ menye le míaƒe dɔwɔwɔwo ta o, ke boŋ le eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo kple amenuveve ta.+ Wona esia mí le Kristo Yesu me tso gbe aɖe gbe ke, 10  ke azɔ la, wona wòdze ƒãa to mía Ðela, Kristo Yesu, ƒe ɖeɖefia la me,+ ame si ɖe ku ɖa+ gake wòna kekeli klẽ ɖe agbe+ kple magblemagblẽ+ dzi to nya nyui la dzi,+ 11  nya nyui si ƒe gbeƒãɖela kple apostolo kpakple nufiala woɖom.+ 12  Esia tae nye hã mele nu siawo ƒe fu kpem ɖo,+ gake ŋu mekpeam o.+ Elabena menya Ame si dzi mexɔ se, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu si megblẽ ɖe eƒe asi me la ŋu va se ɖe ŋkeke ma dzi.+ 13  Yi edzi nàlé nya siwo le blibo,+ siwo nèse le gbɔnye kple xɔse kpakple lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu me la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi. 14  Dzra nu nyui sia si míetsɔ de asi na wò to gbɔgbɔ kɔkɔe si le mía me dzi la ɖo nyuie.+ 15  Ènya esia, be ame siwo katã le Asia nutoa+ me la trɔ ɖa le ŋunye, ame siwo dome Figelo kple Hermogene hã le. 16  Aƒetɔ la nekpɔ nublanui na Onesiforo+ ƒe aƒe la, elabena efa dzi nam enuenu, eye nye kɔsɔkɔsɔwo mekpe ŋu nɛ o. 17  Ke boŋ esi wòva Roma la, eku kutri dim vevie hekpɔm. 18  Aƒetɔ la nena Yehowa* nakpɔ nublanui nɛ le ŋkeke ma dzi. Subɔsubɔdɔ siwo katã wòwɔ le Efeso la, ènya wo nyuie.

Etenuŋɔŋlɔ