3 Mose 1:1-17

1  Eye Yehowa yɔ Mose heƒo nu kplii tso takpegbadɔ la me+ be: 2  “Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nàgblɔ na wo be: ‘Ne mia dometɔ aɖe be yeatsɔ aƒemelã aɖe asa vɔ na Yehowa la, ekema netsɔ nyi, alẽ alo gbɔ̃ sa vɔ lae.+ 3  “Ne nyie wòbe yeatsɔ asa numevɔe la, netsɔ atsu si sɔ blibo vɛ.+ Eya ŋutɔ natso eƒe dzi me faa+ atsɔe ava Yehowa ŋkume le takpegbadɔ la ƒe mɔnu. 4  Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo numevɔsalã la tame, eye woaxɔe nɛ ahalé avu ɖe eta. 5  “‘Eye woawu nyitsui la le Yehowa ŋkume, eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo+ natsɔ ʋu la vɛ, eye woahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui+ si le takpegbadɔa ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu. 6  Eye woaɖe agbalẽ le numevɔsalã la ŋu ahaflii.+ 7  Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo nado dzo ɖe vɔsamlekpui la dzi,+ eye woafɔ nake aɖo dzo la dzi. 8  Eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo naɖo vɔsalã+ si wofli la, ta la kple amiawo* ɖe vɔsamlekpuia dzi, ɖe nake siwo le dzo si le vɔsamlekpuia me la dzi. 9  Eye woatsɔ tsi aklɔ eƒe dɔkaviwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla la natsɔ wo katã ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi wòanye numevɔsa, dzovɔsa si nye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa.+ 10  “‘Eye ne alẽ alo gbɔ̃e wòbe yeatsɔ asa numevɔe la,+ ekema wòatsɔ atsu si sɔ blibo+ asa vɔ lae. 11  Woawui le vɔsamlekpui la ƒe dziehekpa dzi le Yehowa ŋkume, eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo nahlẽ eƒe ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu.+ 12  Eye wòaflii atsɔ akpe ɖe eƒe ta kple amiawo* ŋu, eye nunɔla la naɖo wo ɖe vɔsamlekpuia dzi, ɖe nake siwo le dzo si le vɔsamlekpuia me la dzi. 13  Eye wòatsɔ tsi aklɔ dɔkaviawo kple afɔawo, eye nunɔla la natsɔ wo katã asa vɔe ahado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsa wònye, eye wònye dzovɔsa si nye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa. 14  “‘Ke ne xewoe wòbe yeatsɔ asa numevɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa* alo ahɔnɛvi asa vɔ lae.+ 15  Eye nunɔla la natsɔe ava vɔsamlekpuia gbɔ ahatso veme nɛ, eye wòatsɔe ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi, ke woaɖuɖu eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo ŋu. 16  Eye wòaɖe xe la ƒe avɔ ahanyɔ eƒe fuwo atsɔ aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la xa le ɣedzeƒe gome, le teƒe si dzofiwo*+ nɔna. 17  Azɔ wòalé xe la ƒe aʋalawo, eye wòafe xe la. Megafee wòaɖe le enu o. Azɔ nunɔla la natsɔe ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi, ɖe nake si le dzoa me la dzi. Numevɔsa wònye, eye wònye dzovɔsa si nye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ami siwo le ayikua ŋu.”
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Alo, “ami siwo le ayikua ŋu.”
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Alo, “ƒeƒleluwo.”
Efia, dzofi siwo ƒo vɔsalãwo ƒe ami.
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”