3 Mose 11:1-47

  • Lã kɔkɔewo kple lã makɔmakɔwo (1-47)

11  Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be:  “Migblɔ na Israel-viwo be: ‘Anyigbadzinu gbagbe* siwo miate ŋu aɖu la woe nye esi:+  Miate ŋu aɖu lã siwo ƒe afɔkli me fe keŋkeŋ, eye wodzɔa nu gaɖuna la.  “‘Lã siwo dzɔa nu gaɖuna alo esiwo ƒe afɔkli me fe siwo miaɖu o la woe nye: kposɔ, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.+  Hotoklolo,+ elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.  Fɔmizi, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.  Ha,+ elabena eƒe afɔkli me fe keŋkeŋ, ke medzɔa nu gaɖuna o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.  Migaɖu woƒe lã o, eye migaka asi woƒe kukua ŋu o. Wo ŋu mekɔ na mi o.+  “‘Tɔmelã siwo katã miate ŋu aɖu la woe nye tɔmelã siwo katã ŋu adza kple tsro le le atsiaƒuwo kple tɔsisiwo me.+ 10  Ke nu siwo katã nɔa ha me kple nu gbagbe* siwo katã le tsi me, siwo katã ŋu adza kple tsro mele o le atsiaƒuwo kple tɔsisiwo me la, ŋunyɔnu wonye na mi. 11  Ɛ̃, woanye ŋunyɔnu na mi. Migaɖu woƒe lã o,+ eye minyɔ ŋu woƒe kukuawo hã. 12  Nu siwo katã ŋu adza kple tsro mele o le tsi me la, ŋunyɔnu wonye na mi. 13  “‘Xe dzodzoe siwo mianyɔ ŋui, eye miaɖu wo o le esi wonye ŋunyɔnu ta la woe nye esi: hɔ̃,+ akpo kple gbagblaxetsu,+ 14  Doɖi kple aʋako ɖe sia ɖe ƒomevi, 15  akpaviã ƒomeviwo katã, 16  golo,* favieʋuto, tsalɛ̃ kple xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi, 17  ʋlukuku, tsimese, favieʋuto ƒomeviwo, 18  tɔkpakpaxe, aluge kple akaga, 19  damixe, aŋɔɣi ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. 20  Nu dzodzoe siwo katã nɔa ha me hezɔa afɔ ene dzi la, ŋunyɔnu wonye na mi. 21  “‘Nu dzodzoe siwo nɔa ha me hezɔa afɔ ene dzi la dometɔ siwo ko miate ŋu aɖu la woe nye: esiwo tsɔa megbetatiwo tia kpoe. 22  Wo dometɔ siwo miate ŋu aɖu la woe nye esiawo: ʋetsuvi ƒomeviwo katã, abɔwo,+ ʋetrawo kple gbagblamewo. 23  Ke nu dzodzoe bubu siwo nɔa ha me, siwo si afɔ ene le la, katã nye ŋunyɔnu na mi. 24  Nu siawo ana miazu ame makɔmakɔwo. Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.+ 25  Eye ame sia ame si atsɔ woƒe kukua la nanya eƒe awuwo,+ eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 26  “‘Lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, gake meʋu keŋ o, eye womedzɔa nu gaɖuna o la, nu makɔmakɔ wonye na mi. Ame sia ame si ka asi wo ŋu la azu ame makɔmakɔ.+ 27  Ke nu gbagbe siwo katã fe li na, le nuwɔwɔ siwo katã zɔa afɔ ene dzi dome la, nu makɔmakɔ wonye na mi. Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la azu ame makɔmakɔ va se ɖe fiẽ. 28  Ame si tsɔ woƒe kukua la nanya eƒe awuwo,+ eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.+ Nu makɔmakɔwo wonye na mi. 29  “‘Lã siwo nɔa ha me le anyigba dzi dometɔ siwo nye nu makɔmakɔ na mi lae nye esi: alegeli,* afi,+ adoglo ƒomeviwo katã, 30  xɔmenyatri, ana, ve, adoglo si nɔa ke me kple agama. 31  Lã siawo siwo nɔa ha me la nye nu makɔmakɔwo na mi.+ Ame sia ame si ka asi woƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.+ 32  “‘Nu sia nu si dzi wo dometɔ aɖe ƒe kukua age dze la azu nu makɔmakɔ, eɖanye atinu alo awu, lãgbalẽ alo kotoku o. Woade agba ɖe sia ɖe si ŋu dɔ wowɔna la tsi me, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, emegbe hafi eŋu akɔ. 33  Ke ne wo dometɔ aɖe ge dze anyinu aɖe me la, ekema nu siwo katã le eme la ŋu mekɔ o,+ eye miagbã nu la. 34  Nuɖuɖu sia nuɖuɖu, si dzi anyinu ma me tsi kɔ ɖo la ŋu mekɔ o, eye nunono sia nunono si atso nu ma me la ŋu mekɔ o. 35  Nu sia nu si dzi woƒe kukuawo ge dze la ŋu mekɔ o, eɖanye abolokpo alo mlekpui o, woagbãe. Wo ŋu mekɔ o, eye woanye nu makɔmakɔwo na mi. 36  Negbe tsidzɔƒe kple tsido siwo me tsi nɔna koe anye nu siwo ŋu kɔ, ke ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la azu ame makɔmakɔ. 37  Ne woƒe kukuawo ge dze nuku aɖe si ƒã ge wole dzi la, eŋu kɔ. 38  Ke ne wode nuku aɖe tsi, eye woƒe kukua ƒe akpa aɖe ge dze eme la, nukua ŋu mekɔ na mi o. 39  “‘Ke ne lã siwo mieɖuna la dometɔ aɖe ku la, ame sia ame si ka asi eƒe kukua ŋu la azu ame makɔmakɔ va se ɖe fiẽ.+ 40  Ame si ɖu eƒe kukua ƒe ɖe la nanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.+ Ame si kɔ eƒe kukua la nanya eƒe awuwo eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 41  Anyigbadzilã suesue siwo nɔa ha me la katã nye ŋunyɔnu na mi.+ Migaɖu wo o. 42  Migaɖu lã siwo katã zɔa ƒodo dzi, lã siwo katã zɔa afɔ ene dzi, alo anyigbadzilã suesue siwo nɔa ha me, eye afɔ wuwlui geɖe le wo si la o, elabena ŋunyɔnu wonye.+ 43  Migatsɔ lã siwo nɔa ha me la dometɔ aɖeke do ŋunyɔ mia ɖokuiwo* o, eye migatsɔ wo ƒo ɖi mia ɖokuiwo ahazu ame makɔmakɔwo o.+ 44  Elabena nyee nye Yehowa mia Mawu,+ mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye minɔ kɔkɔe,+ elabena mele kɔkɔe.+ Eya ta migatsɔ lã siwo nɔa ha me, siwo ʋãna le anyigba dzi la, dometɔ aɖeke ƒo ɖi mia ɖokuiwo* o. 45  Elabena nyee nye Yehowa, ame si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi be manye miaƒe Mawu;+ minɔ kɔkɔe,+ elabena mele kɔkɔe.+ 46  “‘Esiae nye se le lã fɔenewo, nuwɔwɔ siwo dzona, nu gbagbe* siwo katã ʋãna le tɔ me kple lã* siwo nɔa ha me le anyigba dzi la katã ŋuti, 47  ne woade vovo nu makɔmakɔ kple nu kɔkɔe dome, nu gbagbe siwo woate ŋu aɖu kple nu gbagbe siwo womaɖu o dome.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “anyigbadzilã.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “tsatsaboli.”
Alo, “kisi.”
Alo, “miaƒe luʋɔ.”
Alo, “miaƒe luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”