3 Mose 12:1-8

  • Nyɔnu ŋu kɔkɔ le eƒe vidzidzi megbe (1-8)

12  Yehowa gagblɔ na Mose be:  “Gblɔ na Israel-viwo be: ‘Ne nyɔnu aɖe fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, abe ale si eŋu mekɔ o le ŋkeke siwo me wòɖo asi anyi lae ene.+  Le ŋkeke enyia gbe la, woatso aʋa na ɖevia.+  Eye nyɔnu la agakɔ eɖokui ŋu tso eƒe ʋu la me ŋkeke blaetɔ̃ vɔ etɔ̃ kpee. Megaka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋu o, eye megava kɔkɔeƒe la o, va se ɖe esime wòwu eŋukɔkɔ ƒe ŋkekeawo nu hafi.  “‘Ke ne edzi nyɔnuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke wuiene, abe ale si ko eŋu mekɔ o le eƒe asiɖoanyiɣi ene. Akpɔtɔ akɔ eɖokui ŋu tso ʋu la me ŋkeke blaade vɔ ade kpee.  Ne ŋutsuvi alo nyɔnuvie wòdzi, eye eŋukɔkɔ ƒe ŋkekeawo wu enu la, ekema wòatsɔ alẽtsui si mexɔ wu ƒe ɖeka o vɛ na nunɔla le takpegbadɔa ƒe mɔnu be woatsɔ asa numevɔ,+ kple ahɔnɛvi ɖeka alo akpakpa* ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ.  Nunɔla la natsɔe ava Yehowa ŋkume ahalé avu ɖe eta, eye eŋu akɔ tso ʋu si do le eŋu la me. Esiae nye nyɔnu si dzi ŋutsuvi alo nyɔnuvi la ŋuti se.  Ke ne mate ŋu ana alẽ o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve+ vɛ, woatsɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nuvɔ̃vɔ, eye nunɔla la nalé avu ɖe eta, eye eŋu akɔ.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ƒeƒlelu.”