3 Mose 3:1-17

  • Ŋutifafavɔsa (1-17)

    • Migaɖu lã ƒe ami alo ʋu o (17)

3  “‘Ne nyi wòbe yeatsɔ asa ŋutifafavɔe+ la, esi sɔ blibo ye wòatsɔ ava Yehowa ŋkume, eɖanye atsu alo nɔe o.  Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe nunana la ƒe tame, eye woawui le takpegbadɔa ƒe mɔnu; eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo nahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu.  Eye wòatsɔ ŋutifafavɔsalã la ƒe ɖe asa dzovɔ na Yehowa:+ ami+ si tsyɔ dɔkaviawo dzi, siwo katã le dɔkaviawo ŋu,  ayiku eveawo kple wo ŋu mi, siwo le alia gbɔ. Eye wòaɖe ami si le aklãa ŋu la kpe ɖe ayikuawo ŋu.+  Eye Aron viŋutsuwo natsɔe ada ɖe numevɔsa si le nakea dzi le dzoa me atsɔ ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi;+ dzovɔsa si nye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa ye wònye.+  “‘Eye ne alẽ alo gbɔ̃ wòbe yeatsɔ asa ŋutifafavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ lã si sɔ blibo asa vɔ lae, eɖanye atsu alo nɔe o.+  Ne alẽtsui wòbe yeatsɔ asa vɔ lae la, ekema wòatsɔe ava Yehowa ŋkume.  Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye woawui le takpegbadɔa ƒe mɔnu; eye Aron viŋutsuwo nahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu.  Neɖe ami si le ŋutifafavɔsalã la ŋu atsɔ asa dzovɔe na Yehowa.+ Neɖe asike dami la katã le eƒe dzimeƒua gbɔ lɔƒo kple ami si tsyɔ dɔkaviawo dzi, ami siwo katã le dɔkaviawo ŋu, 10  ayiku eveawo kple ami siwo le wo ŋu le alia gbɔ lɔƒo. Eye wòaɖe ami si le aklãa ŋu la kpe ɖe ayikuawo ŋu.+ 11  Eye nunɔla la natsɔe ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsanuɖuɖu* ene na Yehowa.+ 12  “‘Ne gbɔ̃ wòbe yeatsɔ asa vɔ la, ekema wòatsɔe ava Yehowa ŋkume. 13  Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe tame, eye woawui le takpegbadɔa ƒe mɔnu, eye Aron viŋutsuwo nahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu. 14  Vɔsalã la ƒe akpa si wòatsɔ asa dzovɔ na Yehowa lae nye, ami si tsyɔ dɔkaviawo dzi, ami siwo katã le dɔkaviawo ŋu,+ 15  ayiku eveawo kple ami siwo le wo ŋu le alia gbɔ lɔƒo. Eye wòaɖe ami si le aklãa ŋu la kpe ɖe ayikuawo ŋu. 16  Eye nunɔla la natsɔe ado dzudzɔ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsanuɖuɖu* ene, wòanye ʋeʋẽ lilili.* Ami la katã nye Yehowa tɔ.+ 17  “‘Migaɖu lã ƒe ami alo ʋu+ aɖeke o. Ðoɖo mavɔ wònye na mia kple miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “abolo,” si nye Mawu ƒe gome le ŋutifafavɔsa la me.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “abolo,” si nye Mawu ƒe gome le ŋutifafavɔsa la me.
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”