3 Mose 9:1-24

  • Aron sa ameɖoɖo nunɔlae ƒe vɔwo (1-24)

9  Eye le ŋkeke enyia gbe la,+ Mose yɔ Aron kple viaŋutsuwo kpakple Israel ƒe ametsitsiwo.  Eye wògblɔ na Aron be: “Lé nyivi ɖeka ne woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ+ kple agbo ɖeka ne woatsɔ asa numevɔ; woanye esiwo sɔ bliboe, eye nàtsɔ wo ava Yehowa ŋkume.  Ke gblɔ na Israel-viwo be: ‘Milé gbɔ̃tsu ɖeka miatsɔ asa nuvɔ̃vɔe, eye milé nyivi ɖeka kple alẽtsui ɖeka, wo dometɔ ɖe sia ɖe naxɔ ƒe ɖeka eye wòasɔ blibo, miatsɔ asa numevɔe.  Eye milé nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka miatsɔ asa ŋutifafavɔ+ le Yehowa ŋkume, hekpe ɖe nuɖuvɔsa+ si wode amii ŋu, elabena egbea Yehowa aɖe eɖokui afia mi.’”+  Eye wotsɔ nu siwo Mose bia la va takpegbadɔa ŋgɔ. Azɔ ha blibo la katã te va hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.  Eye Mose gblɔ be: “Esiae nye nu si Yehowa de se be miawɔ, ne Yehowa naɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia mi.”+  Eye Mose gblɔ na Aron be: “Te ɖe vɔsamlekpuia ŋu nàsa wò nuvɔ̃vɔ+ kple wò numevɔ, eye nàlé avu ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò+ kple wò aƒe la ta; eyome nàtsɔ dukɔ la ƒe nunana la asa vɔ ahalé avu ɖe wo ta,+ abe ale si Yehowa de se ene.”+  Enumake Aron te ɖe vɔsamlekpuia ŋu, eye wòwu nyivi si wòatsɔ asa nuvɔ̃vɔe ɖe eɖokui ta la.+  Azɔ Aron viŋutsuwo tsɔ ʋu+ la vɛ nɛ, eye wòde eƒe asibidɛ ʋua me ge ɖe vɔsamlekpuia ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ ʋu susɔea ɖe vɔsamlekpuia te.+ 10  Eye wòtsɔ nuvɔ̃vɔsalã la ƒe ami kple ayikuawo kpakple ami siwo le aklãa ŋu la do dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.+ 11  Eye wòtɔ dzo lã la kple eƒe agbalẽa le asaɖa la godo.+ 12  Emegbe ewu numevɔsalã la, eye Aron viŋutsuwo tsɔ ʋu la de esi, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu.+ 13  Eye wotsɔ numevɔsalã la ƒe akpa vovovoawo kple ta la de esi, eye wòtsɔ wo do dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi. 14  Ekpala dɔkaviawo kple afɔawo hã tsɔ da ɖe numevɔsalã si le vɔsamlekpuia dzi la dzi hetsɔ wo do dzudzɔe. 15  Azɔ etsɔ dukɔ la ƒe nunana la sa vɔe. Elé gbɔ̃ si dukɔa tsɔ vɛ be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔe na yewo la hewui, eye wòtsɔe sa nuvɔ̃vɔ abe gbãtɔa ke ene. 16  Eyome etsɔ numevɔsalã la vɛ, eye wòtsɔe sa vɔ ɖe ɖoɖo la nu.+ 17  Eyome etsɔ nuɖuvɔsa+ la vɛ heku asiʋlo ɖeka, eye wòtsɔe do dzudzɔ ɖe vɔsamlekpuia dzi hekpe ɖe ŋdinumevɔsa+ la ŋu. 18  Eyome ewu nyitsu kple agbo tsɔ sa ŋutifafavɔwo ɖe dukɔ la ta. Azɔ Aron viŋutsuwo tsɔ ʋu la de esi, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpuia ƒe axawo katã ŋu.+ 19  Ke nyitsu la ƒe amiawo,+ agbo la ƒe asike dami la, ami siwo tsyɔ dɔmenuawo dzi, ayikuawo, kple ami siwo le aklãa ŋu la,+ 20  wotsɔ ami siawo katã da ɖe akɔawo dzi, eye Aron tsɔ amiawo do dzudzɔ le vɔsamlekpuia dzi.+ 21  Ke Aron nyè akɔawo kple ɖusita la wònye vɔsa si wonyè le Yehowa ŋkume, abe ale si Mose de se ene.+ 22  Azɔ Aron wu eƒe asiwo dzi ɖo ɖe dukɔ la gbɔ heyra wo,+ eye esi wòsa nuvɔ̃vɔ kple numevɔ kpakple ŋutifafavɔwo vɔ la, eɖi. 23  Eye Mose kple Aron yi takpegbadɔa me, eye wodo go heyra dukɔ la.+ Eye Yehowa ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia dukɔ blibo la katã,+ 24  eye dzo tso Yehowa gbɔ+ va fiã numevɔsalã la kple ami siwo le vɔsamlekpuia dzi. Esi dukɔ blibo la kpɔe la, wodo ɣli eye wotsyɔ mo anyi.+

Etenuŋɔŋlɔ